Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzobibi le asaɖa me.

1 Eye dukɔ la li liʋĩliʋi le Yehowa ŋu le fuwɔame ta Yehowa see; eye wòdo dɔmedzoe eye Yehowa na dzo dze aƒe le wo dome, eye asaɖa ƒe mlɔenu bi dzo.

2 Tete dukɔ la do ɣli na Mose, eye Mose ɖe kuku na Yehowa, enumake dzo la tsi.

3 Eye wona ŋkɔ afima be „dzobiƒe“, elabena Yehowa na dzo dze aƒe le wo dome.


Dukɔ la ƒe nudzodzro.

4 Eye yakame, siwo le wo do me la, de asi nudzodzro me, tete Israel-viwo gafa avi gblɔ bena: Ameka gɔ̃e le lã na ge mi miaɖu hã?

5 Mieɖo ŋku tɔmelã, siwo míeɖuna le Egipte dzodzro, kpakple adzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple gbegãdziwo dzi.

6 Azɔ miaƒe veme ƒu; naneke mele afisia o, negbe mana sia ko kpɔm miele.

7 Mana la lolo abe xetsetsee ene, eye wòdzena abe Bedolion ene.

8 Eye dukɔ la kaka heyi efɔ ge le afisiafi; wogbãnɛ le te dzi, alo wotonɛ le to me, eye woɖanɛ le ze me hetsɔna tɔa tatali; evivina abe aboŋgo ene.

9 Ne zãmu dza ɖe asaɖa la me le zã me la, mana la hã dzana ɖe eme.

10 Mose se, alesi dukɔ la me toawo katã le avi fam le woƒe agbadɔwo nui. Eye Yehowa do dɔmedzoe, eye medze Mose hã ŋu o.

11 Eye Mose gblɔ na Yehowa bena: Nukaŋuti nèwɔ vɔ ɖe wò dɔla ŋu, eye nukaŋuti méve nunye o, eye netsɔ dukɔ blibo sia ƒe agba ɖo dzinye?

12 Alo nyee fɔ dukɔ blibo sia ƒe fua? Eye nyee dzi wo, hafi nèle gbɔgblɔm nam be, matsɔ wo ɖe akɔ nu, abe alesi vitsɔla tsɔa vidzie ene, ayi anyigba, si ŋu nèka atam ɖo na wo fofowo la dzia?

13 Afika makpɔ lã atsoe na dukɔ blibo sia? Elabena wole avi fam nam le gbɔgblɔm be: Na lã mí miaɖu!

14 Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ blibo sia o, elabena wole kpeyem akpa.

15 Nenye alea nèle wɔ ye gee la, ekema wum zi ɖeka boŋ, nenye be, eve nunye; bena magakpɔ nye dzɔgbevɔ̃e teƒe o.


Amegã blaadre gblɔ nya ɖi.

16 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Ƒo Israel-ame tsitsi blaadreawo, amesiwo nènya be, wonye ame tsitsiwo le dukɔ la dome, eye wonye wo dzikpɔlawo la, nu ƒu, eye nakplɔ wo ava Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eye woatsi tre ɖe gbɔwò le afima.

17 Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afima, eye maɖe gbɔgbɔ, si le dziwò la, ƒe ɖe ada ɖe wo dzi, bena woatso dukɔ la ƒe agba na wò ti, eye wò ɖeka matsɔe o.

18 Ke gblɔ na dukɔ la bena: Mikɔ mia ɖokui ŋu hena etsɔ; miakpɔ lã aɖu, elabena mieta avi ɖe Yehowa ƒe to me gblɔ bena: Ameka ana lã mi miaɖu? Eme nyo na mí le Egipte! Eyata Yehowa le lã na ge mi miaɖu.

19 Menye ŋkeke ɖeka alo ŋkeke eve, ŋkeke atɔ̃ alo ŋkeke ewo alo ŋkeke blave koe miele eɖu ge o;

20 boŋ ɣleti ɖeka sɔŋ, vaseɖe esime wòado alo ŋɔti me na mi, eye woazu ŋunyɔnu na mi; elabena mieɖo vlo Yehowa, si le mia dome, eye miefa avi nɛ bena; Nukata gɔ̃ míedzo le Egipte ɖo?

21 Mose ɖo ŋu bena: Dukɔ la dometɔ, siwo le afɔ zɔm, amesiwo dome mele la, le ame akpe alafa ade, eye nèle gbɔgblɔm be, yeana lã wo ɣleti ɖeka sɔŋ mahã?

22 Alẽ alo nyie wole wuwu ge, hafi wòaɖe wo nu loo, alo ƒumelãwo katãe woaƒo ƒu, hafi wòaɖe wo nua?

23 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖe Yehowa ƒe asi to ɖe emea? Azɔ àkpɔe be, nye nya la le eme loo, alo mele eme o.

24 Eye Mose ɖo yi ɖagblɔ Yehowa ƒe nyawo na dukɔ la. Eƒo dukɔ la ƒe ame tsitsi blaadreawo nu ƒu, eye wòna woɖe to ɖe agbadɔ la godoo va kpe.

25 Tete Yehowa ɖi va le alilikpo me heƒo nu kplii, eye wòɖe gbɔgbɔ, si le edzi la, ɖe da ɖe ame tsitsi blaadreawo dzi, eye esi gbɔgbɔ la va wo dzi la, wode asi nyagbɔgblɔ me ɖi; gake wova dzudzɔ emegbe.

26 Ke ŋutsu eve tsi asaɖa la me, amesiwo dometɔ ɖeka ŋkɔ enye Eldad, eye evelia ŋkɔ nye Medad. Eye gbɔgbɔ la va woawo hã dzi, wode asi nyagbɔgblɔ me ɖi le asaɖa la me; elabena woŋlɔ wo ŋkɔwo, gake womeva agbadɔ la gbɔ o.

27 Tete ŋutsuvia ɖe ƒu du ɖagblɔ na Mose bena: Eldad kple Medad wode asi nyagbɔgblɔ me ɖi le asaɖa la me.

28 Eye Yosua, Nun vi, amesi nye Mose ƒe dɔla tso ɖekakpuime ke la, do ŋu be: Nye aƒetɔ Mose, gbe na wo!

29 Ke Mose ɖo ŋu nɛ bena: Wòe le ŋu ʋã ge ɖe nunyea? Oo, Yehowa mana eƒe gbagba nava dukɔ blibo la dzi, eye wòatrɔ zu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzro oa?


Tegliwo kple „nudzrolawo ɖiƒe“.

30 Emegbe Mose kple Israel-ame tsitsiawo gbugbɔ yi asaɖa la me.

31 Tete Yehowa na yaa ɖe ƒo, eye wòlɔ tegliwo tso ƒu gome kɔ ɖe wo nɔewo dzi ƒo xlã asaɖa la godoo va kpe; wozɔ wo ŋu le go si me ŋkeke ɖeka, eye wozɔ wo ŋu le go keme me hã ŋkeke ɖeka, eye wokɔ tso anyigba ano abɔklugui eve.

32 Eye dukɔ la tso yi ɖafɔ tegliawo ŋkeke blibo la kple zã blibo la kpakple ŋkeke, si dze eyome hã; amesi fɔe ʋee ko la tɔ ade gomer ewo, eye wosia wo ƒo xlã asaɖa la godoo va kpe.

33 Lã la mekpɔ do le aɖu tame na wo wòahayi wo katã ɖu ge avɔ o, tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe dukɔ la ŋu, eye Yehowa na do vɔ̃ɖia ɖe ɖo dukɔ la dome.

34 Eye wona ŋkɔ teƒe la bena „nudzrolawo ɖiƒe“, elabena afima woɖi dukɔ, si dzro nu la ɖo.

35 Emegbe dukɔ la ho tso „nudzrolawo ɖiƒe“ heva Xazerot, eye wotsi Xazerot.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan