Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Kpewo ŋu dɔwɔwɔ.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 Tso klosalo wo kpẽ eve, woawo natsɔ ayɔ ameha lae, eye woawo natsɔ ana asaɖawo nahoe.

3 Ne woku kpẽawo wòtso tatata la, ekema ha blibo la naƒo ƒu ɖe gbɔwò le Mawu ƒe agbadɔ la nu

4 Ke ne woku kpẽ ɖeka ko tatata la, ekema Israel ƒe ame akpeawo ƒe amegãwo naƒo ƒu ɖe gbɔwo.

5 Ne woku kpẽawo tsiã ɖe nu la, ekema asaɖa, si le ɣedzeƒe gome la, naho.

6 Eye ne wogaku wo zi evelia tsiã ɖe nu la, ekema asaɖa, si le dziehe gome la, naho. Ne woku kpẽawo tsiã ɖe nu la, ekema woaho.

7 Ne wobe, ha la nava kpe ta la, ekema woaku kpẽawo tatata ko, gake womaku wo atsiã ɖe nu o.

8 Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, naku kpẽawo; ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.

9 Ne mieho aʋa le miaƒe anyigba dzi ɖe miaƒe futɔ, siwo le fu ɖem na mi la ŋu, eye mieku kpẽ tsiã ɖe nu la, ekema Yehowa, mia Mawu, aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi atso miaƒe futɔwo si me.

10 Gbesigbe miele dzidzɔ kpɔm, alo miele ŋkekenyuie ɖum, alo ɣleti yeye dze dzi, eye miesa numevɔ kple akpedavɔ la, ekema miaku kpẽ, eye wòana mia Mawu naɖo ŋku mia dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Dukɔ la ho tso le Sinai-gbedzi.

11 Le ƒe evelia me, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke blavelia dzi la alilikpo la ho le nɔƒe, si sea le la dzi.

12 Eye Israel-viwo ho tso Sinai-gbedzi hamehame, eye alilikpo la va tɔ ɖe Paran-gbedzi.

13 Esia nye zi gbãtɔ woho ɖe se, si Yehowa de na Mose la nu.

14 Yuda-viwo ƒe asaɖa la ho gbã kple woƒe aflaga hamehame, eye woƒe aʋakɔ la fe tatɔ enye Naheson, Aminadab vi.

15 Amesi le Isaxar-viwo to la ƒe aʋakɔ nu, enye Netaneel, Zuar vi,

16 eye Eliab, Xelon vi, le Zebulon-viwo to la ƒe aʋakɔ nu.

17 Emegbe wokaka nɔƒe la, eye Gerson viwo kple Merari-viwo, amesiwo nye nɔƒe la tsɔlawo la ho.

18 Eyome Ruben ƒe asaɖa la ho kple woƒe aflaga hamehame; woƒe aʋakɔ la ƒe tatɔ enye Elizur, Sedeur vi.

19 Amesi le Simeon-viwo to la ƒe aʋakɔ nu, enye Selumiel, Zurisadai vi,

20 eye Elyasaf, Deguel vi, le Gad-viwo to la ƒe aʋakɔ nu.

21 Emegbe Kehat-viwo, amesiwo nye nu kɔkɔeawo tsɔlawo la ho; wotua nɔƒe la, hafi woawo va ɖona

22 Eyome Efrayim-viwo ƒe asaɖa la ho kple woƒe aflaga hamehame; woƒe aʋakɔ la ƒe tatɔ enye Elisama, Amihud vi.

23 Amesi le Manase-viwo to la ƒe aʋakɔ nu, enye Gamliel, Pedazur vi,

24 eye Abidan, Gideoni vi, le Benyamin-to la ƒe aʋakɔ nu.

25 Emegbe Dan-viwo ƒe asaɖa la ho kple woƒe aflaga hamehame, woawo nye aʋakɔwo katã ƒe megbexeawo, eye woƒe aʋakɔ ƒe tatɔ enye Axieser, Amisadai vi.

26 Amesi le Aser-viwo ƒe to la ƒe aʋakɔ nu, enye Pagiel, Oxran vi,

27 eye Axira, Enan vi, le Naftali-viwo to la ƒe aʋakɔ nu.

28 Ale Israel-viwo ho hamehame enye si.

29 Eye Mose gblɔ na Hobab toa, Midiantɔ Reguel ƒe viŋutsu, bena: Miele hoho ge ayi teƒe, si Yehowa gblɔ be, yeatsɔ na mí la; wò hã yi kpli mí, eye míawɔ nyuie na wò, elabena Yehowa ɖo nyuie ɖe Israel ŋu.

30 Eɖo ŋu bena: Nyemayi kpli mi o, boŋ magbugbɔ ayi nye anyigba dzi kple ƒonyemeawo gbɔ.

31 Egblɔ nɛ bena: Megagblẽ mí ɖi o dzro, elabena enya teƒe, siwo míaƒu asaɖa anyi ɖo le gbeadzi, eyata nanye ŋku na mí;

32 ne èyi kpli mí la, ekema miawo nyuie, si Yehowa awɔ na mí la na wò.

33 Eye woho tso Yehowa to la gbɔ hezɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la dze wo ŋgɔ ŋkeke etɔ̃, be woadi dzudzɔƒe na wo.

34 Ne woho la, Yehowa ƒe alilikpo la nɔa wo ŋgɔ.

35 Ne aɖaka la ho la, Mose gblɔna be: Yehowa, tsi tre, ne wò fofowo naka hlẽ, eye amesiwo le fu wò la, nasi le nuwò!

36 Eye ne edro la, egblɔna be: Yehowa, gagbugbɔ va Israel ƒe ame akpeawo gbɔ!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan