4 Mose 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israeltɔ aʋawɔlawo ƒe xexlẽme 1 Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe eve megbe la, Yehowa ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me, le Sinai-gbedzi bena: 2 Mixlẽ ŋutsu, siwo le Israel-viwo ƒe ha blibo la me la, ƒe ŋkuwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 3 Mia kple Aron mina Israeltɔ, siwo xɔ ƒe blave kple va, eye woate ŋu ade aʋa la, xlẽ hamehame. 4 Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, amesiwo nye ta le wo fofowo ƒe aƒe nu la, kpe ɖe mia ɖokui ŋu. 5 Ŋutsu, siwo akpe ɖe mia ŋu la, ƒe ŋkɔwo nye si: Elizur, Sedeur vi, tso Ruben-to la me; 6 Selumtel, Zurisadai vi, tso Simeon-to la me; 7 Naheson, Aminadab vi, tso Yuda-to lãme; 8 Netaneel, Zuar vi, tso Isaxar-to la, me; 9 Eliab, Xelon vi, tso Zebulon-to la me; 10 Yosef viwo tɔwo aye: Elisama, Amihud vi, tso Efrayim-to la me kple Gamliel, Pedazur vi, tso Manase-to la me. 11 Abidam, Gideoni vi, tso Benyamin-to la me. 12 Axiezer, Amisadai vi, tso Dan-to la me; 13 Pagiel, Oxran-vi, tso Aser-to tame; 14 Elyasaf, Deguel vi, tso Gad-to la me; 15 Axira, Enan vi, tso Naftali-to la me. Esiawo nye amesiwo woyɔ le ha la dome, amesiwo nye wo fofowo ƒe towo ƒe amegãwo kple tatɔwo le Israel ƒe ame akpewo nu. 17 Mose kple Aron tia ŋutsu, siwo ŋkɔ woyɔ, 18 eye woƒo ha blibo la nu ƒu le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wode amesiwo xɔ ƒe blave kple vo la, ƒe ŋkɔwo dzidzimegbalẽ me ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu, 19 abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene. Eye wotia wo xlẽ le Sinai-gbedzi. 20 Eye woxlẽ ŋutsu, siwo katã xɔ ƒe blave kple vo, eye woate ŋu ade aʋa le Israel-ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 21 Amesiwo wotia xlẽ le Ruben-to me la, wole ame akpe blane vo ade alafa atɔ̃. 22 Woxlẽ ŋutsu, siwo katã xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa te Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 23 Amesiwo wotia xlẽ le Simeon-to me la, wole ame akpe blaatɔ̃ vɔ asieke alafa atɔ̃. 24 Eye woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu aɖe aʋa le Gad ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 25 Amesiwo wotia xlẽ le Gad-to me la, wole ame akpe blane vɔ atɔ̃ alafa ade blaatɔ̃. 26 Woxlẽ amesiwo xɔ ƒe; blave kple vɔ, eye woate ŋu ade; aʋa le Yuda ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 27 Amesiwo wotia xlẽ le Yuda-to me la, wole ame akpe blaadre vɔ ene alafa ade. 28 Eye woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Isaxar ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 29 Amesiwo wotia xlẽ le Isaxar ƒe to me la, wole ame akpe blaatɔ̃ vɔ ene alafa ene. 30 Woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Zebulon ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 31 Amesiwo wotia xlẽ le Zebulon-to me la, wole ame akpe blaatɔ̃ vɔ adre alafa ene. 32 Yosef viwo tɔwo nye si: Woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Efrayim ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 33 Amesiwo wotia xlẽ le Efrayim-to me la, wole ame akpe blane alafa atɔ̃. 34 Eye woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Manase ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 35 Amesiwo wotia xlẽ le Manase-to me la, wole ame akpe blaetɔ̃ vɔ eve alafa eve. 36 Woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Benyamin ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 37 Amesiwo wotia xlẽ le Benyamin-to me la, wole ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene. 38 Eye woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Dan ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 39 Amesiwo wotia xlẽ le Dan-to me la, wole ame akpe blaade vɔ eve alafa adre. 40 Woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Aser ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 41 Amesiwo wotia xlẽ le Aser-to me la, wole ame akpe blane vɔ ɖeke alafa atɔ̃. 42 Eye woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Naftali ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu. 43 Amesiwo wolia xlẽ le Naftali-to me la, wole ame akpe blaatɔ̃ vɔ̃ etɔ̃ alafa ene. 44 Esiawo nye amesiwo Mose kple Aron kpakple Israel ƒe amegãwo tia xlẽ; amegãwo le wo ame wuieve, to ɖeka ame ɖeka. 45 Eye wotia Israel-viwo katã xlẽ le wo fofowo ƒe aƒewo nu, amesiwo katã xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Israel. 46 Amesiwo katã wotia xlẽ la, le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃. 47 Ke womexlẽ Lewitɔwo fofo ƒe to kpe ɖe wo ŋu o. Woaɖe Lewitɔwo ɖe vovo. 48 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 49 Megatia amewo xlẽ le Lewi-to la me o, eye megatsɔ woƒe xexlẽme kpe ɖe Israel-vi bubuawo tɔ ŋu o; 50 ke boŋ natsɔ nɔƒe, si me se la le, kple eŋu nuwo katã ade Lewitɔwo si. Woawo natsɔ nɔƒe la kple eŋu nuwo, eye woakpɔ wo dzi, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ŋu godoo ava kpe. 51 Ne nɔƒe la le hoho ge la, Lewitɔwo nakakae, eye ne nɔƒe la ɖo droƒe la, ekema Lewitɔwo natui; gake ne tame tutɔa ɖe te va la, woawui. 52 Israel-vi bubuawo naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe teƒewo le woƒe aflagawo gbɔ hamehame; 53 ke Lewitɔwo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si me se la le, ŋuti godoo ava kpe, bena dɔmedzoe magabi ɖe Israel-viwo ƒe ha la ŋu o. Eyata Lewitɔwo nalé ŋku ɖe nɔƒe, si me sea le la, ŋuti ɖoɖoawo ŋu. 54 Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana