Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Yohanes 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Agbalẽ la xɔla. Apostolo la kafu Gayo le nɔviawo xɔxɔ ŋuti.

1 Hamemegã xoxo la ŋlɔ ɖo ɖe Gayo lɔlɔ̃tɔ, si melɔ̃na le nyateƒe me.

2 Lɔlɔ̃tɔ, mele didim be, nuwo katã nadze dzi na wò nyuie, eye wò lãme nanɔ sesĩe, abe alesi wò luʋɔ le nyuie la ene.

3 Elabena dzi dzɔm ŋutɔ, esime nɔviwo va ɖi ɖase le wò nyateƒetɔnyenye ŋuti, alesi nèzɔna le nyateƒe mee.

4 Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.

5 Lɔlɔ̃tɔ, èwɔ nuteƒe le nusianu, si nèwɔ na nɔvi, siwo nye amedzrowo la me,

6 amesiwo va ɖi ɖase le wò lɔlɔ̃ ŋuti le hame la ƒe ŋku me, eye ne èɖo wo ɖa alesi dze Mawu ŋu la, ekema èwɔe nyuie.

7 Elabena eƒe ŋkɔ la ŋuti wodo go yi ɖo, eye womexɔa naneke le trɔ̃subɔlawo si o.

8 Eyata ele na mí be, miaxɔ nenem me siawo, bene míazu woƒe hadɔwɔlawo na nyateƒe la.


Apostolo la xlɔ̃ nu Gayo bena, megadze kpɔɖeŋu vɔ̃ yome o.

9 Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hame la; gake Diotrefo, si le didim be, yeaɖo ta ɖe wo nu la, mexɔ mi o.

10 Eyata ne meva la, maɖo ŋku eƒe dɔwɔwɔ, siwo wòwɔna kple nya vɔ̃, siwo wònɔa gbɔgblɔm ɖe mía ŋuti la dzi; eye nusiawo mesu me nɛ o: Eya ŋutɔ hã mexɔa nɔviawo o, eye wòxea ma na amesiwo lã be, yewoaxɔ wo, eye wòɖea wo le ha me.

11 Lɔlɔ̃tɔ, megasi nu vɔ̃ɖi o, ke srɔ̃ nu nyui boŋ. Amesi wɔa nu nyui la, Mawu gbɔ wòtso, eye amesi woa nuvɔ̃ la, mekpɔa Mawu o.

12 Demetrio kpɔa ɖaseɖiɖi nyui tso amewo katã kple nyateƒe la ŋutɔ hã gbɔ, eye miawo hã míele ɖase ɖim le eŋuti, eye ènyae bena, míaƒe ɖaseɖiɖi enye nyateƒe.

13 Nya geɖe gali be, maŋlɔ aɖo ɖe wò; gake nyemelɔ̃ be, matsɔ agbalẽŋlɔtsi kple agbalẽŋlɔti aŋlɔ wo aɖo ɖe wò o;

14 ke mele mɔ kpɔm bena, mava akpɔ wò ɖa kaba, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu.

15 Ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò! Xɔlɔ̃wo ɖuɖɔ wò ƒã. Ɖuɖɔ xɔlɔ̃awo ɖekaɖeka nam ƒã!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan