Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzo fiã Aron ƒe vɔsasa gbãtɔ.

1 Le ŋkeke enyiagbe Mose ya Aron kple Israel-ame tsitsiwo,

2 eye wògblɔ na Aron bena: Lé nyitsuvi woawo nuvɔ̃vɔsae kple agbo woawɔ numevɔsa; woa kple eve la nasɔ blibo, eye nakplɔ wo ava Yehowa ƒe ŋku me.

3 Eye nagblɔ na Israel-viwo bena: Milé gbɔ̃tsu woawo nuvɔ̃vɔsae, nyivi kple alẽvi, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo la, woawo numevɔsae,

4 nyi kple agbo ɖeka woawɔ akpedavɔsae; eye miawu wo le Yehowa ƒe ŋku me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa, si wode amii vɛ, elabena egbea Yehowa aɖe eɖokui afia mi.

5 Tete wotsɔ nusiwo Mose bia la, va Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye ameha blibo la ƒo ƒu hetsi tre ɖe Yehowa ƒe ŋku me.

6 Eye Mose gblɔ bena: Ale Yehowa de se be, miawɔ; miwɔe, be Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naɖe eɖokui afia mi!

7 Emegbe Mose gblɔ na Aron bena: Te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye nasa wò nuvɔ̃vɔ kple wò numevɔ, bena nalé avu na ɖokuiwò kple dukɔ la; eyome nasa vɔ ɖe dukɔ la ta, be nalé avu na wo, abe alesi Yehowa de se ene.

8 Tete Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wowu nyitsuvi la, wòanye eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsa.

9 Eye Aron viŋutsuawo tso ʋu la vɛ ne, eye wotso eƒe asibide de ʋu la me hesisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke etso ʋu mamlea ka ɖe vɔsamlekpui la te.

10 Eye wòto dzo nuvɔ̃vɔsalã ƒe amiawo, ayikuawo kple aklã ŋu miawo le vɔsamlekpui la dzi, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.

11 Ke eta dzo lã la ŋutɔ kple agbalẽa le asaɖa la godo.

12 Eyome wòwu numevɔsalã la, eye Aron viŋutsuawo tsɔ ʋu la nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.

13 Wotsɔ numevɔsalã la ƒe akpawo kpakple ta la nɛ, eye wòto dzo wo le vɔsamlekpui la dzi.

14 Eye wòkpala dɔmenuawo kple afɔawo da ɖe numevɔsalã la dzi heto dzo wo.

15 Emegbe wòsa vɔ na dukɔ la. Elé nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu, si nye dukɔa to la, eye wòwui hetsɔ sa nuvɔ̃vɔe, abe alesi wòwɔe gbã ene.

16 Eyome wòhe numevɔsalã la vɛ, eye wòsa va la ɖe ɖoɖo la nu.

17 Eye wotso nuɖuvɔsa la vɛ: eku asiʋlo ɖeka le eŋu hetɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi kpe ɖe ŋdinumevɔsa la ŋu.

18 Eye wòwu nyi kple agbo la hena dukɔ la ƒe akpedavɔsasa. Aron viŋutsuawo tsa ʋu la nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.

19 Wotsɔ nyi la ƒe amiawo, agbo la ƒe asike kple eŋu miawo, ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi, ayikuawo kple aklã ŋu miawo

20 da ɖe lãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòto dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi.

21 Ke Aron nyè akɔwo kple ɖusitawo le Yehowa ƒe ŋku me, abe alesi Mose de se ene.

22 Emegbe Aron wu eƒe asiwò dzi ɖe dukɔ la dzi, eye wòyra wo; eye esi wòsa nuvɔ̃vɔ, numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eɖi ɖe anyi.

23 Eye Mose kple Aron woyi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me; eye esi wodo go la, woyra dukɔ la. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia dukɔ blibo la.

24 Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã numevɔsalã kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Dukɔ blibo la kpɔe, eye wotso aseye hetsyɔ mo anyi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan