3 Mose 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Numevɔsa ŋu nya. 1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena: 2 De se na Aron kple viaŋutsuawo be: Esia enye numevɔsa la ŋuti se: Dzo nanɔ bibim ɖe numevɔsa la ŋu zã blibo la katã, vaseɖe esime ŋu nake. Ale dzo la nanɔ bibi dzi ɖaa le vɔsamlekpui la dzi. 3 Nunɔla nado eƒe awu ʋlaya viawo, eye wòado agbotɛ ɣiawo ɖe eƒe ama; emegbe wòala afi, siwo numevɔsa ƒe dzo nyẽ la le vɔsamlekpui la dzi akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa. 4 Eyome wòaɖe eƒe awuawo ɖi, ado awu bubuwo, eye wòatsɔ afi la aƒu gbe ɖe asaɖa godo le teƒe kɔkɔea ɖe. 5 Dzo la nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi ɖaa, eye womatsii o; ŋdi sia ŋdi nunɔla nade nake dzo la me, eye wòatsɔ numevɔsalã aɖo edzi, eye woatɔ dzo akpedavɔsa ƒe amiwo le edzi. 6 Dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi ɖaa, eye womatsii o. Nuɖuvɔsa ŋu nya. 7 Esia nye nuɖuvɔsa ŋu se: Aron viŋutsuwo natsɔe ava vɔsamlekpui la gbɔ, le Yehowa ƒe ŋku me. 8 Eye woaku nuɖuvɔsa ƒe wɔ memee, si dzi ami le la, asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonu la katã, si le nuɖuvɔsa dzi la ŋuti, eye woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, be wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa hena ŋkuɖoɖo dzi. 9 Ke Aron kple viaŋutsu wo naɖu mamlea, nu maʋamaʋã wòanye woaɖu le teƒe kɔkɔe la; Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpɔ me woaɖui le. 10 Womatsɔ amɔwɔ ʋaʋã aƒoe o, elabena nye dzovɔsa me meɖee le na wo, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye abe nuvɔ̃ŋutivɔsa kple fɔɖiŋutivɔsa ene. 11 Aron viŋutsuwo katã kpɔ mɔ aɖui. Ɖoɖo mavɔ wònye le Yehowa ƒe dzovɔsa la ŋu hena miaƒe dzidzimeviwo. Amesiame, si aka asi eŋu la, azu kɔkɔe. 12 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena: 13 Esia enye vɔ, si Aron kple viaŋutsuwo asa na Yehowa le gbesigbe wòsi ami nɛ: Wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo ɖeka woatsɔ asa nuɖuvɔe gbesiagbe; woatsɔ wɔ la ƒe afã asa vɔe le ŋdi, eye afã le fiẽ. 14 Tsɔ ami blui, eye natɔe le agba me, emegbe naflii, hafi atsɔ asa nuɖuvɔ lae, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa. 15 Eye nunɔla, si teƒe wole ami sim na viaŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖo la, nawɔ nusiawo; ɖoɖo mavɔ wòanye, eye woatɔ dzo wo bliboe na Yehowa. 16 Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsawo katã bliboe, eye womaɖui o. Nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋu nya. 17 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena: 18 Gblɔ na Aron kple viaŋutsuwo be: Esia enye nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋu se: Woawu nuvɔ̃ŋutivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, le Yehowa ƒe ŋku me; elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye. 19 Nunɔla, si sa nuvɔ̃ŋutivɔa la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, le Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpo me. 20 Amesiame, si aka asi eƒe lã ŋu la, azu kɔkɔe, eye ne eƒe ʋu hlẽ ɖe amea ɖe ƒe awu ŋu la, ekema wòanya afisi wòhlẽ ɖo la, le teƒe kɔkɔe la. 21 Ne woɖae le ze me la, ekema woagbã ze la, ke nenye gaze me woɖae le la, ekema woaklɔe, eye woakpalae kple tsi. 22 Ŋutsu sia ŋutsu, si nye nunɔla la, kpɔ mɔ aɖui, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye. 23 Gake womekpɔ mɔ aɖu nuvɔ̃ŋutivɔsalã, si ƒe ʋu wotsɔ yi Mawu ƒe agbadɔ me, be woatsɔ alé avui le kɔkɔeƒea me la, ƒe lã o, boŋ woatɔ dzoe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana