Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋu se; dziyiyi.

1 Ne amea ɖe se woƒo fi de ame, eye wònye ɖasefo, ele eteƒe alo ɖe wosee o, gake megblɔe o la, ekema eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.

2 Alo ne amea ɖe de asi nu makɔmakɔa ɖe ŋu, eɖanye gbemelã, aƒemelã alo nutata makɔmakɔa ɖe ƒe kuku ŋu o, eye menyae o la, ekema egblẽ ko ɖo, eye wòɖi fɔ.

3 Ne ede asi amea ɖe ƒe nu makɔmakɔa; ɖe, si na be, ame la gblẽ kɔ ɖo ŋu, eye menyae o, emegbe wòdzesii la, ekema eɖi fɔ.

4 Alo ne atam ge le amea ɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo be, yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ.

5 Eya dzɔ, ne amea ɖe ɖi fɔ le nusiawo dometɔ ɖeka me la, ekema wòaʋu vo, si wòda la me,

6 eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.

7 Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.

8 Eye wòatsɔ wo ava nunɔla gbɔ, eye eya natsɔ esi wole nuvɔ̃ŋutivɔ sa gee la gbã atro ko le enu ɖe kɔʋume, ke ta la maɖe le enu o.

9 Emegbe wòahlẽ nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, ke wòaɖuɖu ʋu mamlea ɖe vɔsamlekpui la te, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.

10 Eye wòatsɔ evelia asa numevɔe ɖe ɖoɖo la nu. Ale nunɔla la alé avu nɛ ɖe eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta, eye woatsɔe akee.

11 Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.

12 Eye wòatsɔe ava nunɔla la gbɔe, eye nunɔla la naku eƒe asiʋlo ɖeka aku ɖe Yehowa ƒe dzovɔsa la dzi atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi hena ŋkuɖoɖo dzi, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.

13 Ale nunɔla alé vu nɛ le eƒe vo, si wòda le nusiawo dometɔ ɖeka me la ta, eye woatsɔe akee. Ke nu mamlea nye nunɔla la tɔ abe nuɖuɖuvɔsa tɔ ene.


Fɔɖivɔsawo ŋu se.

14 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

15 Ne amea ɖe meɖi anukware o, eye wòɖe ŋu ɖi ɖa vo le Yehowa ƒe nu kɔkɔeawo me la, ekema wòatsɔ agbo, si sɔ blibo, eye nèbu be, anɔ klosalo sekel kɔkɔe eve la, asa fɔɖiŋuvɔ na Yehowa.

16 Eye wòaɖo nu kɔkɔe, si me wòda vo le la teƒe, emegbe wòatsɔ nu la ƒe etɔ̃liawo ɖeka akpee; wòatsɔ wo ava nunɔla gbɔe, eye nunɔla la natsɔ fɔɖiŋuvɔsagbo la alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.

17 Ne amea ɖe da ƒu le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka me, eye menyae o la, eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.

18 Eye wòatsɔ agbo, si so blibo, eye wòdze na fɔɖiŋuvɔsa la, ava nunɔla gbɔ, eye nunɔla la nalé avu ne le eƒe ŋu, si wòɖe ɖi, eye menyae o la ta, eye woatsɔe akee.

19 Fɔɖiŋuvɔsae, Yehowa ŋue wòɖi fɔ la le.

20 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

21 Ne amea ɖe da ƒu, eye meɖi anukware na Yehowa o, eye wosẽ nu le nu, si nɔvia ɖa ɖe egbɔ alo ɖo awɔba nɛ la ŋuti, eda adzoe alo wòtafa nɔvia,

22 esẽ nu le nusi wòfɔ la ŋu, alo wòka aʋatso heta nu, le vo, si wòda ɖe nɔvia ŋu me la;

23 ne eda ƒu heɖi fɔ alea la, ekema wòagbugbɔ nusi wòda adzoe, alo nusi me wotafa nɔvia le, nusi nɔvia da ɖe egbɔ, alo nusi wòfɔ,

24 alo nusi me wòka aʋatso ta nu le la, ana; woaɖo nusianu teƒe na nua to dedie, eye wòatsɔ nu la ƒe atɔ̃liawo ɖeka akpee, le gbesigbe wosa fɔɖiŋuvɔ.

25 Ke wòatsɔ agbo, si so blibo, eye wòdze na fɔɖinuvɔsa la, ava nunɔla gbɔ, asa vɔe na Yehowa ɖe fɔ, si wòɖi la ta.

26 Ale nunɔla la alé avu nɛ le Yehowa ƒe ŋku me, eye woatsɔ nusianu, si wòwɔ heɖi to la, akee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan