3 Mose 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nusiwo ŋuti wokpɔ mɔ aɖe adzɔgbe, eye alesi woate ŋu aɖe adzɔgbeɖeɖe ɖa. 1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 2 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne amea ɖe tsɔ ame ɖe adzɔgbee na Yehowa la, ekema nado asi ɖe eŋu. 3 Ale nado asi lae enye si: Ne ame la nye ŋutsu le ƒe blave kple ƒe blaade dome la, ekema asi la nanye klosalo sekel kokoe blaatɔ̃; 4 ke nenye nyɔnue la, asi la nanye sekel blaetɔ̃. 5 Ne ame la le ƒe atɔ̃ kple ƒe ewo domee la, ekema ŋutsu ƒe asi nanye sekel blave, eye nyɔnu to nanye sekel ewo. 6 Ke ne ame la le dzinu ɖeka kple ƒe atɔ domee la, ekema ŋutsu ƒe asi nanye klosalo sekel atɔ̃, eye nyɔnu tɔ nanye klosalo sekel etɔ. 7 Ne ame la xɔ ƒe blaade kple vɔ la, ekema ŋutsu ƒe asi nanye sekel wuiatɔ̃, eye nyɔnu to nanye sekel ewo. 8 Ke ne ame la da ahe, eye mate ŋu ana ho la o la, ekema nakplɔe ayi nunɔla gbɔ, eye nunɔla nado asi nɛ ɖe nusi le esi la nu. 9 Nenye lã, siwo wotsɔna saa vɔ na Yehowa la, dometɔa ɖe wònye la, ekema ɖesiaɖe, si wotsɔ na Yehowa la, nanɔ kɔkɔe. 10 Mekpɔ mɔ aɖo lii alo atsɔ lã nyui aɖuɖɔ manyomanyoa alo atsɔ manyomanyoa aɖo li nyuia o; ke ne eɖuɖɔe la, ekema esi wotsɔ ɖuɖɔe kple esi wòɖuɖɔ la, wole kɔkɔe. 11 Ke nenye lã makɔmakɔ, siwo wometsɔna saa va na Yehowa o la, dometɔa ɖee wònye la, ekema woakplɔ lã la ava nunɔla gbɔe. 12 Eye nunɔla nado asi ɖe lã la ƒe nyonyome alo manyomanyome ŋu, alesi nunɔla do asi lae la, nenema wòaxe. 13 Ke ne ebe, yeagaxɔe kple ga la, ekema wòatsɔ asi, si nedo ɖe eŋu la, ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi. 14 Ne amea ɖe kɔ eƒe xɔ ŋu na Yehowa la, ekema nunɔla nado asi ɖe eƒe nyonyome alo manyomanyome ŋu, eye alesi nunɔla do asi lae la, nenema wòaxe. 15 Ke ne amesi kɔ eƒe xɔ ŋu be, yeagaxɔe kple ga la, ekema wòatsɔ asi, si neɖo ɖe eŋu la, ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi, emegbe ezu etɔ. 16 Ne amea ɖe ko eƒe agble, si wotsɔ nyi domee la, ƒe akpaa ɖe ŋu na Yehowa la, ekema nado asi ɖe ŋu le nuku, si woaƒã ɖe eme la nu; ne woaƒã lu gomer ɖeka ɖe eme la, ekema asi la nye klosalo sekel blaatɔ̃. 17 Ne ekɔ eƒe agble ŋu tso aseyetsoƒe dzi la, ekema alesi nado asi lae la, nenema wòaxe. 18 Ke ne aseyetsoƒe va yi, hafi wòkɔ eƒe agble ŋu la, ekema nunɔla nabu fe la nɛ ɖe ƒe, siwo susɔ, hafi aseyetsoƒe nagaɖo la ŋu, eye naɖe asi, si nèdo la dzi. 19 Ke ne amesi kɔ eŋu be, yeagaxɔ agble la kple ga la, ekema wòatsɔ asi, si nedo ɖe eŋu la, ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi, emegbe ezu etɔ. 20 Ne mexɔ agble la o, boŋ wòtsɔe dzra na ame bubu la, ekema womagaxɔe kple ga azɔ o, 21 ke ne agble la ŋu vo le aseyetsoƒe dzi la, ekem tɔ megale enu o, eŋu kɔ na Yehowa, eye woazu nunɔla ƒe domenyinu. 22 Ne amea ɖe kɔ agble, si wòƒle, ŋu na Yehowa, eye menye eƒe domenyinu wònye o la, 23 ekema nunɔla nabu asi la nɛ vaseɖe aseyetsoƒe dzi, eye wòaxe fe la gbemagbe, eye ga la ŋu kɔ na Yehowa. 24 Ke amesi ƒe domenyinu wònye, amesi si wòƒlee le la, nagagbugbɔ agble la axɔ le aseyetsoƒe la dzi. 25 Nado asiawo katã ɖe sekel kɔkɔe la ŋu, gera blave nanye sekel ɖeka. 26 Ke amea ɖeke mekpɔ mɔ akɔ lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu na Yehowa o, eɖanye nyi alo alẽ o, Yehowa tɔ wònye. 27 Nenye lã makɔmakɔe la, ekema wòaxe fe ɖe eta, abe alesi nedo asi lae ene, eye wòatsɔ home la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu dzi, ke ne mexe te ɖe eta o la, ekema wòatsɔe adzra, abe alesi nado asii ene. 28 Ke ne amea ɖe ko eƒe nua ɖe ŋu hetsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa ɖikaa, eɖanye ame, lã alo agble, si wotso nyi domee o la, womadzrae o, eye womaxɔe kple ga hã o, elabena nusianu, si wotsɔ ɖe adzɔgbe ɖikaa la, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye na Yehowa. 29 Ne wodo busu amea ɖe la, womaxɔe kple ga o, boŋ woawui. 30 Anyigba dzi nuwo katã ƒe mamã ewoliawo ɖeka nye Yehowa to, eɖanye agblemenuwo alo kutsetsewo o, nu kɔkɔewo wonye na Yehowa. 31 Ke ne amea ɖe be, yeaxe fe ɖe eƒe nuwo ƒe mamã ewoliawo ɖeka ta la, ekema woatso home la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu edzi. 32 Lã, siwo katã lãkplɔvi xlẽna kple eƒe ati la, dometɔ ewoliawo ŋu ko na Yehowa, eɖanye nyi alo ale o. 33 Womadzro eme be, lã la nyo loo alo menyo o, eye womada lu hã o Ke ne woɖo lii la, ekema esi wotso ɖo lii kple esi woɖo lii la, wole kɔkɔe, eye womaxɔ wo kple ga o. 34 Esiawo nye se, siwo Yehowa gblɔ na Mose le Sinai-to la dzi, be woade na Israel-viwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana