Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Sabat-ƒe.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose le Sinai-to la dzi bena:

2 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matsɔ na mi dzi la, ekema anyigba la nagbɔ ɖe me na Yehowa.

3 Ƒe ade naƒã nu ɖe wò agble me, eye ƒe ade naɖe wò weinkawo ŋu, eye naƒo agblemenuwo nu ƒu.

4 Ke le ƒe adrelia me la anyigba la nagbɔ ɖe me na Yehowa, ma ƒã nu ɖe wò agble me o, eye màɖe wò weinkawo ŋu hã o.

5 Maŋe nusiwo mie ɖe flu me o, eye màxa weintsetse le weinka, siwo ŋu meɖe o la dzi o; ke boŋ anyigba la nagbɔ ɖe me le ƒe la me.

6 Gake miaɖu nuku, siwo miede edzi le anyigba ƒe gbɔɖemeɣi la me la, wò ŋuta, wò kluvi kple wò kosi, wò agbatedɔwɔla kple amedzro, si le gbɔwò,

7 wò lã kple gbemelã, si le wò anyigba dzi; agblemenuawo katã nazu nuɖuɖu.


Aseyetsoƒe ŋu nya.

8 Eye naxlẽ dzudzɔƒe adre; ƒe adre teƒe adre naxlẽ, ale bena dzudzɔƒe adre la nade ƒe blane vɔ asieke.

9 Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi woaku kpẽ atsae; le avulégbe la dzi woaku kpẽ atsa le miaƒe anyigba blibo la dzi.

10 Miakɔ ƒe blaatɔ̃lia ŋu, eye miaɖe gbe ƒã ablɔɖe le anyigba la dzi na anyigbadzitɔwo katã; aseyetsoƒe wòanye na mi, eye amesiame nagaxɔ eƒe nuwo, eye amesiame nagagbugbɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbe.

11 Ƒe blaatɔ̃lia nanye aseyetsoƒe na mi, miaƒã nu o, eye míaŋe nusiwo mie ɖe flu me o, eye miaxa weintsetse le weinka, siwo ŋu mieɖe o la dzi o.

12 Aseyetsoƒe wònye, eye eŋu nakɔ na mi; ke miekpɔ mɔ aɖu agblemenuawo.

13 Le aseyetsoƒe sia me amesiame nagaxɔ eƒe nuwo.

14 Ne èdzra nu na nɔviwò, alo nèƒle nu le noviwò si la, ekema migatafa mia nɔewo o.

15 Aseyetsoƒe la ŋu naƒle nu le nɔviwò si ɖo, eye ƒe alesi nu naŋe nu la, ŋu wòadzrae na wò ɖo.

16 Ƒe geɖe kple eƒe asi gã, eye ƒe ʋee kple eƒe asi bɔbɔe, elabena nuŋeɣiwo nu wòadzrae na wò ɖo.

17 Migatafa mia nɔewo o, ke boŋ navɔ̃ wò Mawu la; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.

18 Mi wo nye ɖoɖoawo kple nye seawo dzi. Ne mielé ŋku ɖe wo ŋu, eye miewɔ wo dzi la, ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi;

19 anyigba la awɔ nu, eye miakpɔ nu geɖe aɖu, eye mianɔ edzi dedie.

20 Ke ne miagblɔ be: Nuka ɖu ge míala le ƒe adrelia me, elabena miele nu ƒã ge o, eye miele miaƒe agblemenuwo hã ƒo ge ƒu o la,

21 mayra ɖe mia dzi le ƒe adelia me ale gbegbe be, miaƒe agblemenuwo nade ƒe etɔ̃ nu.

22 Ne míeƒã nu le ƒe enyilia me la, ekema mianɔ agblemenu xoxoawo ɖum ahade asi na ƒe asiekelia; nu xoxoawo miana ɖu-ɖum hafi agaŋe nu.

23 Womadzra anyigba wòatsi ame si ɖaa o, elabena tanyee nye anyigba la, eye miawo míenye amedzrowo kple gbɔnye mewo.


Alesi woagbugbɔ ƒle nu dzadzrawo.

24 Eyata woagagbugbɔ anyigba axɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi.

25 Ne nɔviwò ɖo ko, eye wòtsɔ eƒe nu dzra, eye eƒe ƒometɔ va, be wòagaxɔ nua la, ekema wòagaxɔ nusi nɔvia tso dzra la.

26 Ke ne exɔla mele ame la si o, gake eya ŋuta kpo nu wòsɔ gbɔ, ale bena woate ŋu axa eƒe nua la,

27 ekema wòabu ƒe alesi nu wòdzra nu la, eye wòaxe fe kpɔtɔe na amesi wòdzra nu la na, eye wòagaxɔ eƒe nu la.

28 Gake ne mekpɔ nu wòde, alesi wòana nu o la, ekema nua natsi eƒlela gbɔ, vaseɖe esime aseyetsoƒe naɖo. Le aseyetsoƒea dzi la nu la ŋu vo, eye wòagaxɔ eƒe nu.

29 Ne amea ɖe dzra aƒea ɖe le ɖu, si ŋu woɖo gli ɖo me la, ekema ekpɔ mɔ agaxɔe vaseɖe ƒe, si me wòdzrae la, ƒe nuwuwu; ƒe ma me ko woate ŋu agaxɔe.

30 Ke ne ƒe ɖeka la de, eye womexɔe o la, ekema aƒe, si le du, si ŋu woɖo gli ɖo me la, nazu eƒlela tɔ ɖikaa hena eƒe dzidzimeviwo, eye womaɖe asi le eŋu le aseyetsoƒe la dzi o.

31 Ne womeɖo gli ɖe kɔƒea ɖe ŋu o la, ekema wòabu aƒe kple agbledenyigba katã ɖekae. Woate ŋu agaxɔe, eye woaɖe asi le eŋu le aseyetsoƒe la dzi.

32 Ke Lewitɔwo kpɔ mɔ axɔ aƒe, siwo le woƒe duwo me, le woƒe anyigba dzi la, ɣesiaɣi.

33 Ke ne Lewitɔa ɖeke mexɔe o la, ekema woaɖe asi le aƒe, si wodzra le woawo ŋutɔ ƒe du me la, ŋuti le aseyetsoƒe la dzi; elabena Lewitɔwo ƒe duwo nye woawo ŋutɔ tɔ le Israel-viwo dome.

34 Ke womadzra gbeɖuƒe, siwo le woƒe duwo ŋu la o; elabena woawo ŋutɔ tɔ wonye ɖikaa.


Wogbe kasaɖiɖi kple anyrawɔwɔ le dɔlawo ŋu.

35 Ne nu vɔ le nɔviwò si, eye wòdo ko la, ekema kpe ɖe eŋu, eye naxɔe abe amedzro alo gbɔwò me ene, bena wòanɔ agbe le gbɔwò.

36 Megabia deme le esi o, eye megaɖi kasae o, bena nɔviwò nanɔ agbe le gbɔwò.

37 Megado ga ne ɖe deme dzi o, eye: ne etsɔ nuɖuɖu ne la, megabia xɔɖedzi o.

38 Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena matsɔ Kanaan-nyigba na mi, eye manye miaƒe Mawu.

39 Ne nɔviwò ɖo ko, eye wòtsɔ eɖokui dzra na wò la, ekema megaɖe kluvidɔ asi ne o.

40 Nenɔ gbɔwò abe agbatedɔwɔla kple gbɔwò me ene, eye wòasubɔ wò vaseɖe aseyetsoƒe la dzi.

41 Emegbe woadzo le gbɔwò, eya ŋutɔ kple viawo siaa, eye wòagagbugbɔ va eƒe ƒometɔwo gbɔ, eye woaxɔ fofoawo ƒe domenyinu wo.

42 Nye dɔlawo wonye, amesiwo mekplɔ tso Egipte-nyigba dzi; womadzra wo, abe alesi wodzra kluviwo ene o.

43 Megaɖu edzi kple sesẽ o, ke boŋ nayɔ wò Mawu la.

44 Ke ne edi be, kluvi kple kosivi nanɔ asiwò la, ekema èkpɔ mɔ aƒle wo tso dukɔ, siwo ƒo xlã mi la dome.

45 Miekpɔ mo aƒle amedzro, siwo le mia dome la ƒe viwo kple woƒe dzidzimevi, siwo wodzi ɖe miaƒe anyigba dzi, eye wole mia dome la; woawo azu mia to.

46 Woawo anye miaƒe ame, eye mia viwo atso wo anyi domee, miekpɔ mɔ ade kluvidɔ asi na wo ɣesiaɣi. Ke migaɖu mia ŋutɔwo mia nɔvi Israel-viwo dzi kple sesẽ o.

47 Ne nu ɖo amedzro alo gbɔwò mea ɖe si, eye nɔviwò ɖo ko hetsɔ eɖokui dzra na amedzro alo gbɔwò me la alo woƒe dzidzimevia ɖe la,

48 ne edzra eɖokui la, ekema se li, be woagaxɔe; nɔviawo dometɔ ɖeka kpɔ mɔ agaxɔe.

49 Etɔɖia alo etɔɖia ƒe viŋutsu alo eƒe ƒometɔ kekeake kpɔ mɔ axɔe, alo ne eya ŋutɔ kpɔ nu la, ate ŋu axɔ eɖokui.

50 Eya kple eƒlela nabu ƒe tso ƒe, si me wòdzra eɖokui nɛ la dzi vaseɖe aseyetsoƒe la dzi, eye eƒlefe la nanɔ ɖe ƒeawo ŋu; wòanɔ egbɔ abe agbatedɔwɔla ene.

51 Ne ƒe geɖe gasusɔ la, ekema exɔfe, si wòaɖe tso eƒlefe me la, nanɔ ɖe ƒeawo ŋu.

52 Ke nenye ƒe ʋea ɖe koe susɔ, ne aseyetsoƒe naɖo la, ekema woabui nɛ; ƒeawo nu exɔfe la nanɔ ɖo.

53 Wòanɔ egbɔ ƒe sia ƒe abe agbatedɔwɔla ene, eye megazi kpi kpɔe be, woaɖu edzi kple sesẽ o.

54 Ke ne womexɔe alea o la, ekema woaɖe asi le eya ŋutɔ kple viawo ŋu le aseyetsoƒe la dzi.

55 Elabena nye dɔlawo nye Israel-viwo, amesiwo mekplɔ tso Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan