Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akaɖiwo kple ŋkumeɖobolowo ŋu se.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 De se na Israel-viwo be, woatsɔ dzomi nyuitɔ vɛ, bena woate ŋu atso akaɖigbɛawo aɖo ati dzi ɖaa.

3 Eye Aron nadzrae ɖo le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, bena woano bibim ɖaa tso fiẽ vaseɖe ŋdi le Yehowa ŋku me; ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.

4 Wòatsɔ akaɖigbɛawo aɖo sikakaɖiti la dzi, bena woano bibim le Yehowa ŋku me ɖaa.

5 Eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo wuieve; wɔ efa ƒe mamã ewoliawo eve naƒo abolo ɖeka,

6 eye naɖo wo ɖe agbaka eve me ɖe sikakplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋku me; agbaka ɖeka nanye wo ame aɖe.

7 Eye nada dzudzɔ donu ɖe agbakawo dzi, eya nanye nu ʋeʋẽe anɔ abolo la ŋu, woawo Yehowa ƒe dzovɔsae.

8 Wòa ɖoe Yehowa ŋku me ɖaa dzudzɔ gbe sia dzudzɔgbe; ɖoɖo mavɔ wòanye na Israel-viwo.

9 Woanye Aron kple viaŋutsuawo to, eye woaɖui le teƒe kɔkɔe la, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye nɛ tso Yehowa ƒe vɔsa la me; ɖoɖo mavɔ wòanye.


Woƒu kpe busunyagblɔta.

10 Eye Israel-nyɔnua ɖe ƒe viŋutsua, amesi nye Egipte-ŋutsua ɖe ƒe yi la, yi Israel-viwo dome; tete Israel-nyɔnu la ƒe viŋutsu kple Israel-ŋutsua ɖe wowɔ dzre le asaɖa la me.

11 Eye Israel-nyɔnu la ƒe viŋutsu la ƒo ti de ŋkɔ kɔkɔe la, eye wòdo ɖiŋu nɛ; tete wokplɔe va Mose gbɔe. Dada ŋkɔ nye Selomit, amesi nye Dibri vinyɔnu, tso Dan-to la me.

12 Eye wolée da ɖi, vaseɖe esime woadi nyaa ɖe ato na wo, alesi Yehowa agblɔ.

13 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

14 Kplɔ ɖiŋudola la yi asaɖa la godo, eye amesiwo katã se nyaa, natsɔ woƒe asi aɖo eƒe tame, eye ha blibo la naƒu kpee woaku.

15 Ke ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: Ne amea ɖe do ɖiŋu na eƒe Mawu la, ekema eƒe nuvɔ̃ le edzi.

16 Ne amea ɖe ƒo fi de Yehowa ƒe ŋkɔ la, woawui; ha blibo la naƒu kpee wòaku, eɖanye amedzro alo duamevi o, ele be, woaku, elabena eƒo fi de ŋkɔ kɔkɔe la.


Amewuwu kple abidede ame ŋu tohehe.

17 Ne amea ɖe ƒo ame wòku la, woawui;

18 eye ne amea ɖe ƒo lã woku la, wòaɖo eteƒe, lã ɖe lã teƒe.

19 Ne amea ɖe wo nu vevi nɔvia la, ekema woawɔ eya hã, abe alesi wòwɔe ke ene;

20 nuveviwɔame ɖe nuveviwɔame teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe; alesi wòwɔ nu vevi amea ɖee la, nenema ke woawɔ eya hãe.

21 Amesi ƒo lã wòku la, woaɖo eteƒe; ke amesi ƒo ame woku la, woawu eya hã.

22 Se ɖeka nanɔ mia si na amedzro kple duamevi siaa; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.

23 Mose ƒo nu kple Israel-viwo; tete wokplɔ ɖiŋudola la do goe ɖe asaɖa godo, eye woƒu kpee woku. Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan