3 Mose 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋkekenyuie gãtɔwo ŋu nya. 1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Yehowa ƒe ŋkekenyuie, siwo miayɔ be takpegbe kɔkɔe la, wonye si: 3 Ŋkeke ade miawo ɖo, ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe blibo kple takpegbe kɔkɔe; miawɔ dɔa ɖeke o, elabena dzudzɔgbe wònye na Yehowa le mia nɔƒewo katã. Ŋutitotoŋkekenyuie. 4 Esiawo nye Yehowa ƒe ŋkekenyuie, siwo miayɔ le woƒe azãgbewo dzi bena takpegbe kɔkɔe. 5 Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa, 6 eye le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi miaɖu abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie na Yehowa; ŋkeke adre sɔŋ miaɖu abolo maʋamaʋã. 7 Ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kokoe na mi, miekpɔ mɔ awɔ asinudɔa ɖeke o. 8 Ŋkeke adre sɔŋ miasa dzovɔ na Yehowa, eye ŋkeke adreagbe enye takpegbe kokoe, miawɔ asinudɔa ɖeke o. 9 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 10 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matso na mi dzi, eye mieŋe nu le edzi la, ekema miatsɔ lubabla gbãtɔwo avae na nunɔla. 11 Eye wòanyè lubablawo le Yehowa ŋku me, bena miaƒe nu nadze eŋu; nunɔla nanyè wo le ŋkeke, si dze dzudzɔgbe yome la dzi. 12 Eye miatsɔ alẽvi, si sɔ blibo, eye wòxɔ ƒe ɖeka la, asa numevɔe na Yehowa le gbesigbe mienyè lubablawo. 13 Miatsɔ wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo eve, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, si woatɔ dzoe na Yehowa, be wòaʋẽ lilili, hekpe de nunovɔsa wein hin ƒe mamã eneliawo ɖeka ŋu. 14 Ke miekpɔ mɔ aɖu abolo, bli tɔtɔe alo blitimu o, vaseɖe gbesigbe miasa vɔ na mia Mawu. Ɖoɖo mavɔ wòanye na mi kple miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. Pentekoste. 15 Emegbe miabu kwasiɖa dedie adre tso ŋkeke, si dze dzudzɔgbe yome la dzi, gbesigbe mienyã lubablawo; 16 mixlẽ ŋkeke blaatɔ̃ vaseɖe ŋkeke, si dze kwasiɖa adrelia yome la dzi, emegbe hafi miatsɔ nu yeyewo asa nuɖuvɔ na Yehowa. 17 Mitsɔ wɔ memee efa ƒe mamã ewoliawo eve ƒe abolo ʋaʋã eve atsɔ tso mia nɔƒewo katã vɛ, woanye nu gbãtɔwo na Yehowa, be woanyèe. 18 Eye miatsɔ alẽvi adre, siwo naneke mewo afia ɖeke na o, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka, nyitsuvi ɖeka kple agbo eve asa numevɔe na Yehowa, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe wo ŋu awɔ dzovɔsa, si nena lilili ɖe Yehowa. 19 Eyome miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye miatsɔ alẽvi eve, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, asa akpedavɔe. 20 Eye nunɔla nanyè nu gbãtɔwo ƒe aboloawo akpe ɖe alẽvi eveawo ŋu le Yehowa ŋku me; nu kɔkɔewo wonye na Yehowa hena nunɔla. 21 Ŋkeke ma dzi miaɖe gbe ƒã bena, takpegbe kɔkɔe wònye na mi, miekpɔ mɔ awɔ asinudɔa ɖeke o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. 22 Ne mieŋe nu le miaƒe anyigba dzi la, migaŋe nukuawo vaseɖe boto ke o, eye migafɔ nusiwo dudu de anyi o; ke boŋ migblẽ wo di na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu! Ƒe yeye. 23 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 24 Gblɔ na Israel-viwo be: Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nanye dzudzɔgbe, kpẽkugbe hena ŋkuɖoɖodzi kple takpegbe kɔkɔe na mi. 25 Miawɔ asinudɔa ɖeke o, eye miasa dzovɔ na Yehowa. Avuléŋkekenyui. 26 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 27 Ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke ewolia enye avulégbe, takpegbe kɔkɔe wònye na mi, míatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa. 28 Miawɔ dɔa ɖeke le ŋkeke sia dzi o, elabena avulégbee, bena woalé avu na mi le Yehowa, mia Mawu ŋku me. 29 Ne amea ɖe metsi nu ɖɔ le ŋkeke sia dzi o la, woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome, 30 eye ne amea de wɔ dɔa ɖe le ŋkeke sia dzi la, matsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ la dome 31 Miawɔ dɔa ɖeke o, ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. 32 Dzudzɔgbe blibo wòanye na mi, eye míatsi nu adɔ. Tso fiẽ vaseɖe fiẽ miaɖu dzudzɔgbe sia, tso ɣleti la ƒe ŋkeke asiekelia ƒe fiẽ. Agbadɔxɔwo me nanɔ. 33 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 34 Gblɔ na Israel-viwo be: Tso ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi miaɖu agbadɔŋkekenyuie ŋkeke adre sɔŋ na Yehowa. 35 Ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kɔkɔe, miawɔ asinudɔa ɖeke o. 36 Ŋkeke adre miasa dzovɔ na Yehowa. Ŋkeke enyilia nanye takpegbe kɔkɔe na mi, eye miasa dzovɔ na Yehowa; takpegbe wònye, miawɔ asinudɔa ɖeke o. 37 Esiawo nye Yehowa ƒe ŋkekenyuie, siwo miade gbe ƒãe be takpegbe kɔkɔewo, eye miasa dzovɔ na Yehowa, numevɔ, nuɖuvɔ, akpedavɔ kple nunovɔ; ŋkeke sia ŋkeke kple etɔ, 38 hekpe de Yehowa ƒe dzudzɔgbewo, miaƒe nunanawo, miaƒe adzɔgbeɖeɖewo katã kple nusiwo katã miana le mia dokui si hena Yehowa la ŋuti. 39 Ne mieƒo anyigba dzi nu ʋaʋãwo nu ƒu la, ekema miaɖu Yehowa ƒe ŋkekenyuie la, le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, ŋkeke adre sɔŋ; ŋkeke gbãtɔ nanye dzudzɔgbe, eye ŋkeke enyilia hã nanye dzudzɔgbe. 40 Le ŋkeke gbãtɔ dzi miatsɔ atikutsetse nyuitɔwo, eye mialã ɖeʋayawo, ati, siwo ƒe aŋgbawo ɖo, ƒe alɔwo kple amuti ƒe alɔwo, eye miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu ŋku me ŋkeke adre sɔŋ. 41 Eye miaɖui wòanye ŋkekenyuie na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ le ƒe ɖeka me. Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo, ɣleti adrelia me miaɖui. 42 Mianɔ agbadɔwo me ŋkeke adre sɔŋ, Israeltɔwo katã nana agbadɔwo me, 43 bena miaƒe dzidzimeviwo nanyae bena, esi mekplɔ Israel-viwo tso Egipte-nyigba dzi la, mena wono agbadɔwo me, nye Yehowa, mia Mawu. 44 Eye Mose gblɔ Yehowa ƒe ŋkekenyuieawo na Israel-viwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana