3 Mose 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuvɔ̃ vlo bubu ƒomeviwo ŋu tohehe. 1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 2 Gblɔ na Israel-viwo be: Ne Israel-viwo dometɔa ɖe alo amedzro, si le Israel la, tsɔ via na Molex la, woawui, anyigbadzitɔwo naƒu kpee woaku. 3 Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la. 4 Ke ne anyigbadzitɔwo miã ŋku ɖe amesi tsɔ via na Molex la dzi, eye womewui o la, 5 ekema nye ŋku anɔ ame la kple eƒomeawo ŋu, eye matsrɔ̃ ame la kple amesiwo katã dze eyome hesubɔ Molex la, le woƒe dukɔ la dome. 6 Ne amea ɖe yi ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ, eye wòdze wo yome la, maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome. 7 Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu! 8 Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, eye miawo wo dzi, elabena nyee nye Yehowa, si ko mia ŋu. 9 Ne amea ɖe ƒo fi de fofoa alo dada la, woawui, elabena fofoa alo dadae wòƒo fi de; eya ŋutɔe ɖe hlɔ̃fe. 10 Ne amea ɖe wo ahasi kple ŋutsua ɖe srɔ̃ la, ekema ewo ahasi kple ehavi srɔ̃, eye ele be, woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa. 11 Ne amea ɖe do fofoa srɔ̃ gbɔ la, ekema eɖe fofoa ƒe ama ɖe go; ele be, woawu wo kple eve la, woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe. 12 Ne amea ɖe dɔ viaŋutsu srɔ̃ gbɔ la, woawu wo kple eve la; elabena ŋukpenanu vɔ̃ɖi wowɔ, eye woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe. 13 Ne ŋutsua ɖe do ŋutsu gbɔ, abe alesi wodɔa nyɔnu gbɔe ene la, ekema woa kple eve wowɔ ŋunyɔnu; ele be, woawu wo, woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe. 14 Ne ŋutsua ɖe ɖe nyɔnua ɖe kple dada siaa la, ŋukpenanu wònye, ele be, woatɔ dzo ŋutsu la kple nyɔnuawo, bena ŋukpenanuwɔwɔ maganɔ mia dome o. 15 Ne ŋutsua ɖe ɖe asi lã ŋu la, ekema woawui, eye miaƒo lã la woaku. 16 Eye ne nyɔnua ɖe na lãa ɖe yɔ asii la, ekema woaƒo nyɔnu la kple lã la woaku; ele be, woawu wo, elabena woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe 17 Ne amea ɖe ɖe nɔvianyɔnu, si nye fofo via alo dada via, eye wòkpɔ eƒe ama, eye nyɔnu la hã kpɔ eƒe ama la, ekema ŋukpenanu wònye, eye woatsrɔ̃ wo le woƒe dukɔ me viwo dome, elabena eɖe nɔvianyɔnu ƒe ama ɖe go, eye fɔɖiɖi la le edzi. 18 Ne amea ɖe dɔ nyɔnua ɖe, si kpɔ dzinu gbɔ, eye wòɖe eƒe ama, si me ʋu le dodom le, ɖe go la, ekema woatsrɔ̃ woa kple eve la ɖa le woƒe dukɔ la dome. 19 Amesi ɖe asi dada nɔvinyɔnu alo fofoa nɔvinyɔnu ŋu la, eɖe eƒe ƒometɔ kekeake ƒe ama ɖe go, eye fɔɖiɖi la le wo dzi. 20 Ne amea ɖe do fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ gbɔ la, ekema ede fofoa nɔviŋutsu ƒe ama de go; woƒe nuvɔ̃ la le wo dzi, eye woatsi ko vaseɖe woƒe ku me. 21 Ne amea ɖe ɖe nɔviaŋutsu srɔ̃ la, ŋunyɔnu wònye; eya ŋuta nɔviaŋutsu ƒe ama wòɖe ɖe go, eye woatsi ko. 22 Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo katã kple nye seawo katã ŋu, bena anyigba, si dzi mekplɔ mi yinae, be miana edzi la, nagatu mi aƒu gbe o. 23 Migawɔ dukɔ, si nyã ge mala le mia ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo o; elabena nusiawo katã wowɔ, eyata wonyã ŋu nam. 24 Eye megblɔ na mi bena: Mixɔ woƒe anyigba la wòanye mia tɔ, eye matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, ana mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si tia mi tso dukɔwo dome. 25 Eyata miɖe vovo lã, siwo ŋu kɔ, kple esiwo ŋu mekɔ o, xe, siwo ŋu mekɔ o, kple esiwo ŋu kɔ la dome, eye migawɔ lãwo kple xewo kpakple anyigba dzi nu gbagbewo, siwo megblɔ be, wo ŋu mekɔ o la, ŋu dɔ ahado ŋunyɔ mia ɖokui o. 26 Mínye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la kɔkɔetɔ menye, eye metia mi tso dukɔwo dome, bena mianye tɔnye. 27 Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe nye ŋɔliyɔla alo bokɔnɔ la, ekema woawu wo; woaƒu kpewo woaku, elabena woa ŋutɔwoe de hlɔ̃fe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana