Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuɖuvɔsa ŋu se.

1 Ne amea de be, yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ wɔ memee asa vɔ lae, eye wòakɔ ami de dzi, atsɔ dzudzɔdonu akpe de eŋu.

2 Eye woatsɔe ava Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la gbɔ, eye nunɔla naku eƒe wɔ memee, si dzi ami le la, asiƒlo ɖeka, eye woatɔ dzoe kpakple dzudzɔdonu la katã le vɔsamlekpui la dzi, hena ŋkuɖoɖo dzi; dzovɔsa, si ʋẽna lilili de Yehowa wònye.

3 Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.

4 Ne èbe, yeatsɔ nusi woƒona de kpo me asa nuɖuvɔe la, ekema natsɔ wɔ memee aƒo aboŋgo maʋamaʋã kple akaklã, si dzi nakɔ ami ɖo.

5 Ne èbe, yeatsɔ nusi wotɔna le agba me asa nuɖuvɔe la, ekema wòanye wɔ memee, si wode amũ; nu maʋamaʋã wòanye.

6 Flii kakɛkakɛ, eye nakɔ ami ɖe edzi, elabena nuɖuvɔsae.

7 Ne èbe, yeatsɔ nusi woɖana le ze me asa nuɖuvɔe la, ekema natsɔ wɔ memee, si wode amii, aɖae.

8 Eye natsɔ nuɖuvɔsa, si woɖa alea la, avae na Yehowa. Tsɔe yi na nunɔla, eye eya natsɔe ava vɔsamlekpui la gbɔ.

9 Eye nunɔla naɖe ɖe le nuɖuvɔsa la ŋu hena ŋkuɖoɖo dzi, eye woatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi; dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.

10 Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo fe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.

11 Migatsɔ amɔwɔ ʋaʋã wɔ nuɖuvɔ, si miasa na Yehowa la, dometɔa ɖeke o, elabena womatɔ dzo amɔwɔ ʋaʋã alo anyitsinua ɖeke na Yehowa o.

12 Woate ŋu anɔ miaƒe nu gbãtɔwo me, miatsɔ ava na Yehowa; ke womate dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe ʋeʋẽ lilili ene o.

13 De dze wò nuɖuvɔsawo katã me, eye wò Mawu ƒe nu, si wòbia kpli wò la, ƒe dze mato le wò nuɖuvɔsawo me o; dze nakpe ɖe wò vɔsawo katã ŋu.

14 Ne èbe, yeatsɔ wò agblemenu gbãtɔwo asa nuɖuvɔe na Yehowa la, ekema namè blitimuawo, eye nagbã wo hafi atsɔ asa wò nuɖuvɔ lae.

15 Kɔ ami ɖe edzi, eye natsɔ dzudzɔdonu akpe ɖe eŋu, elabena nuɖuvɔsae.

16 Eye nunɔla nato dzo bli gbagbã, si dzi ami le la, ƒe ɖe kple dzudzɔdonu la katã hena ŋkuɖoɖo dzi, elabena dzovɔsae wònye na Yehowa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan