Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Se ewoawo gɔmeɖeɖe.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la, eye nagblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.

3 Amesiame nayɔ dada kple fofoa, eye miaɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

4 Migayi legbawo gbɔ o, eye migakɔ mawuwo na mia ɖokui o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

5 Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, miwɔe ale be, miadze eŋu.

6 Miaɖui le gbesigbe miewui kple ŋkeke, si dze eyome dzi; ke woatɔ dzo esi tsi anyi vaseɖe ŋkeke etɔ̃agbe.

7 Ke ne woɖui le ŋkeke etɔ̃agbe la, ezu ŋunyɔnu, eye womaxɔe o.

8 Amesi ɖui la, eƒe vodada le edzi, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe nu kɔkɔe la, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.

9 Ne mieŋe nukuwo le miaƒe agble me la, ekema megaŋe wo vaseɖe boto ke o, eye megafɔ nusiwo dudu la o.

10 Megaxa wò weingblemenuwo ƒiaƒiaƒia o, eye megafɔ tsetse, siwo dudu ɖe anyi hã o: ke boŋ gblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

11 Migafi fi o, migasẽ nu o, eye amea ɖeke megable nɔvia o.

12 Migaka aʋatso yɔ nye ŋkɔ ta nui o, bena nagaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa!

13 Megate hawòvi ɖe anyi o, eye megada adzoe o. Megana agbatedɔwɔla ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.

14 Megaɖe alɔme le mumuitɔ ŋu o, eye megada nu ɖe ŋkuagbãtɔ ŋgɔ, be wòakli o, ke boŋ vɔ̃ wò Mawu la. Nyee nye Yehowa!

15 Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Mígade ame dahe dzi o, eye migakpɔ amegãwo ŋku me o; ke boŋ mídrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo ɖe teƒe.

16 Meganye sakplitɔ nɔ yiyim le wò dukɔ me viwo dome o; eye megaka ɖe dzi, be woatso kufia na hawòvi o. Nyee nye Yehowa!

17 Megalé nɔviwò ɖe do me o, ke boŋ gbe nya nɛ, ne magana nahe nuvɔ̃ ava ɖokuiwò dzi o.

18 Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!

19 Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu. Megana wò lã ƒomevi vovovowo natsaka ayɔ asi wo nɔewo o; megaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o, eye megata avɔ, si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃e la o.

20 Ne ŋutsua ɖe mlɔ nyɔnua ɖe gbɔ, eye wòɖe asi eŋu, eye nyɔnu la nye kosi, si womexɔ kple ga o, eye womèna ablɔɖee hã o, gake wotsɔe na ŋutsua ɖe la, ekema tohehe dze nya la me; gake womawu wo o, elabena womèna ablɔɖee o.

21 Ŋutsu la natsɔ agbo ɖeka ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, woawɔ fɔɖivɔsae.

22 Eye nunɔla natsɔ fɔɖivɔsagbo lã alé avu nɛ le Yehowa ŋku me, le eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta; ekema woatsɔ eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la, akee.

23 Ne mieva anyigba la dzi, eye mieɖo ati vovovowo, siwo ƒe tsetse woɖuna la, ekema mibu woƒe tsetse abe bolobolotɔwo ene. Ƒe atɔ̃ sɔŋ miabu wo abe bolobolotɔwo ene, eye miaɖu wo o.

24 Le ƒe enelia me la woƒe tsetsewo katã ŋu ko, bena woatso akafu Yehowa.

25 Ke le ƒe atɔ̃lia me miekpɔ mɔ aɖu woƒe tsetsewo, bena woatse ɖe dzi na mi geɖe. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

26 Migaɖu nusi me ʋu le o. Migaka afã o, eye migasa dzo o.

27 Migatso ako o, eye megafɔ wò ge dzi o.

28 Ne ame ku la, migasi blini ɖe ŋuti o, eye migatá nu ɖe ŋuti hã o. Nyee nye Yehowa!

29 Megagblẽ viwònyɔnu, eye naɖoe ɖe ahasigbe o, bena anyigba la nagazu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo nanɔ edzi o.

30 Miɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi, eye vɔvɔ̃ nanɔ nye kɔkɔeƒe la ŋu na mi. Nyee nye Yehowa!

31 Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o, eye migabia nu le bokɔnɔwo gbɔ o, bena miagaƒo ɖi o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

32 Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye navɔ̃ wò Mawu la. Nyee nye Yehowa!

33 Ne amedzroa ɖe dze gbɔwò le wò anyigba dzi la, migatee ɖe anyi o.

34 Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

35 Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye migaba ame le dzidzeka, nudanu kple nudonui me o.

36 Nudanu nyui kple nudakpe nyuiwo, efa blibo kple hin blibo nanɔ mia si. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi.

37 Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo katã kple nye seawo katã ŋu, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan