Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ƒe sia ƒe ƒe avuléŋkekenyuie gã la.

1 Esi Aron viŋutsu eveawo te ɖe Yehowa ŋu, eye woku megbe la, Yehowa ƒo nu kple Mose.

2 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.

3 Nusiwo Aron natsɔ ava kɔkɔeƒe la, wonye: Nyitsu ɖagbee ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka woawɔ numevɔsae.

4 Wòado awutewui ʋlaya la, eye wòado agbotɛ ɣi ɖe eƒe ama, abla alidziblanu yi la, eye wòatsɔ tablanu ɣi la abla tae. Awu kɔkɔewo wonye, wòale tsi hafi ado wo.

5 Eye woaxɔ gbɔ̃tsu eve le Israel-viwo ƒe ha la si awɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka awɔ numevɔsae.

6 Emegbe Aron natsɔ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la alé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe.

7 Eyome wòatsɔ gbɔ̃tsu eveawo aɖo Yehowa ƒe ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu.

8 Eye Aron nadzidze nu ɖe gbɔ̃tsu eveawo dzi, dzidze ɖeka nadze Yehowa dzi, eye dzidze ɖeka nadze Asasel dzi.

9 Eye Aron natsɔ gbɔ̃tsu, si dzi Yehowa ƒe dzidze dze la, asa nuvɔ̃vɔe.

10 Ke wòatsɔ gbɔ̃tsu, si dzi Asasel ƒe dzidze dze la, ado Yehowa ŋku me agbagbe, eye wòaɖe nuvɔ̃ atrɔ ɖe edzi anyae aɖo ɖe Asasel gbɔ le gbedzi.

11 Emegbe Aron nahe eƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la vɛ, eye wòalé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe, eye woawu eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la,

12 eye wòatsɔ sonu aɖe dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi le Yehowa ŋku me, eye woaku dzudzɔdonu, si wotsɔ atike ʋeʋẽe wɔe, eye wotoe memee la, asiʋlo eve ava xɔmetsovɔ la godo.

13 Eye wòako dzudzɔdonua ɖe dzo la dzi le Yehowa ŋku me, eye ne dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ bia nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa dzi la, ekema maku o.

14 Wòatso eƒe asibide ahlẽ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe ɖe nutsyɔnu la dzi, eye woatso eƒe asibide ahlẽ ʋu la ƒe ɖe ɖe nutsyɔnu la ŋgɔ zi adre.

15 Eyome wòawu dukɔ la ƒe nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu la, atsɔ eƒe ʋu ava xɔmetsovɔ la godo, eye wòawo eƒe ʋu, abe alesi wòwɔ nyitsu la ƒe ʋu ene; wòahlẽe ɖe nutsyɔnu la dzi kple nutsyɔnu la ŋgɔ.

16 Eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe la ŋu le Israel-viwo ƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo kple vo, siwo woda hewɔ nuvɔ̃ la ta; eye alea wòawɔ Mawu ƒe agbadɔ, si le wo gbɔ le woƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo dome la hãe.

17 Amea ɖeke manɔ Mawu ƒe agbadɔ la me, ne eyi ɖe eme, be wòalé avu le kɔkɔeƒe la me o, vaseɖe esime wòado go. Ale wòalé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe kpakple Israel ƒe aƒe blibo lae.

18 Ne edo go la, wòate ɖe vɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la ŋu, eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu. Wòaku nyitsu la ƒe ʋua ƒe ɖe kpakple gbɔ̃tsu la ƒe ʋua ƒe ɖe asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo ava kpe.

19 Eye wòatsɔ eƒe asibide ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe edzi zi adre, eye wòako eŋu tso Israel-viwo ƒe nu makɔmakɔwo me awɔe kɔkɔe.

20 Ne eɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe la, Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la ŋu va la, ekema wòana woahe gbɔ̃tsu gbagbe la vɛ.

21 Eye Aron natsɔ eƒe asiwo kple eve aɖo gbɔ̃tsu gbagbe la ƒe tame, eye wòaʋu Israel-viwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔ̃wo katã me akɔ ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòana ŋutsu, si le klalo la, nakplɔe aɖo ɖe gbedzi.

22 Ekem woƒe vodadawo katã yi ɖe gbɔ̃tsu la dzi wotsa yi gbedadaƒoe, eye wòaɖe asi le gbɔ̃tsu la ŋu le gbedzi.

23 Emegbe Aron nayi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, eye wòaɖe aklalawu, siwo wòdo, esime wòva kɔkɔeƒe la me yi ge la ɖi, eye wòagblẽ wo ɖe afima.

24 Eye wòale tsi le teƒe kɔkɔe la, aɖo eƒe awuwo, eye wòado go amè eya ŋutɔ ƒe numevɔsa kple dukɔ la ƒe numevɔsa, eye wòalé avu na eya ŋutɔ kple dukɔ la.

25 Eye wòatɔ dzo nuvɔ̃vɔsalã ƒe amiwo le vɔsamlekpui la dzi.

26 Amesi kplɔ gbɔ̃tsu la ɖo ɖe Asasel gbɔ la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.

27 Eye woatsɔ nuvɔ̃vɔsanyitsu la kple nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu, siwo ƒe ʋu wotsɔ yi kɔkɔeƒe la me helé avui la, ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo woƒe agbalẽ, woƒe lã kple woƒe dɔmemiwo.

28 Amesi tɔ dzo wo la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.

29 Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi. Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la míatsi nu ado, eye miawo doa ɖeke o, eɖanye duametɔ alo amedzrovi, si le mia dome o.

30 Elabena gbemagbe wolé avu na mi, bena woakɔ mia ŋu; azɔ nuvɔ̃wo katã kɔ le mia ŋu le Yehowa ŋku me.

31 Dzudzɔgbe gã wòanye na mi, eye míatsi nu ado; ɖoɖo mavɔ wònye na mi.

32 Amesi alé avua la, nanye nunɔla, si wòsi ami na, eye woɖoe, bena wòanye nunɔla ɖe fofoa teƒe asubɔ; eyae ado awu kɔkɔe ɣiawo,

33 eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒewo katã ƒe kɔkɔeƒe la, Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la ŋu, eye wòalé avu na nunɔlawo kple dukɔ la ƒe ha blibo la.

34 Esia nye ɖoɖo mavɔ na mi. Zi ɖeka ƒe ɖeka woalé avu na Israel-viwo katã le woƒe nuvɔ̃wo katã ta. Eye wòwɔ, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan