Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋutilã makɔmakɔ ŋu nya.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kpakple Aron bena:

2 Miƒo nu kple Israel-viwo, eye miagblɔ na wo bena: Ne ŋutsua ɖe le afu ɖɔm la, ekema eŋu mekɔ o.

3 Ne tsi le dodom le eƒe ŋutsu me alo enu xe la, ekema eŋu meka o.

4 Aba sia aba, si dzi afuɖɔla mia la, eŋu mekɔ o, eye nusianu, si dzi wònɔ la, ŋu mekɔ o.

5 Amesi ka asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.

6 Amesi no nusi dzi afuɖɔla no la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ,

7 eye amesi de asi afuɖɔla ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

8 Ne afuɖɔla ɖe ta ɖe amea ɖe, si ŋu ko ŋu la, ekema ame la nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

9 Sɔkpa, si dzi afuɖɔla na la, ŋu meka o.

10 Ne amea ɖe de asi nusianu, si dzi wono ŋu la, eŋu meka o vaseɖe fiẽ, eye amesi atsɔ nua la, nanyã eƒe avawo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.

11 Ne afuɖɔla meklɔ asi hafi de asi amea ɖe ŋu o la, ekema ame la nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

12 Ne afuɖɔla de asi anyinua ɖe ŋu la, ekema woagbãe; ke nenye atinue la, ekema woaklɔe kple tsi.

13 Ne afu la vo na amea, eye eŋu ko la, ekema wòaxlẽ ŋkeke adre; emegbe woanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi le tɔsisi me, ekema eŋu ko.

14 Le ŋkeke enyiagbe la woatso akpakpa eve alo ahɔnevi eve ava Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woatso wo na nunɔla,

15 eye nunɔla la nawɔ wo ŋu dɔ; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale nunɔla la alé avu nɛ le Yehowa ŋku me le eƒe afu la ta.

16 Ne ŋutsua ɖe nyẽ tsi la, ekema wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.

17 Eye wòanyã avɔ sia avɔ kple lãgbalẽ sia lãgbalẽ, si dzi wònyẽ tsi la ɖo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

18 Ne ŋutsua mlɔ nyɔnua ɖe gbã, hafi nyẽ tsia la, ekema woa kple eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

19 Ne nyɔnua ɖe kpɔ dzinu, eye ʋu le dodom le eƒe nyɔnu me la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke adre, eye amesiame, si ka asi eŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

20 Nusianu, si dzi wòmia le eƒe dzinukpɔɣiawo me la, ŋu mekɔ o, eye nusianu, si dzi wòna la, ŋu mekɔ o.

21 Amesiame, si ɖe asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ;

22 eye amesiame, si ɖe asi nusi dzi wònɔ ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

23 Ne nane le eƒe aba alo nunɔdzi dzi, eye amea ɖe de asi eŋu la, ekema ame la ŋu meka o vaseɖe fiẽ.

24 Ne ŋutsua ɖe mlɔ egbɔ, eye ʋu la ɖe ɖe eŋu la, ekema eŋu meka o ŋkeke adre, aba sia aba, si dzi ŋutsua mlɔ la, ŋu mekɔ o.

25 Ne nyɔnua ɖe mekpɔ dzinu, hafi ʋu le dodom le eŋu o, alo eƒe dzinukpɔŋkekewo de, hafi ʋua gale dodom ko la, ekema ŋkeke alesi ʋu le dodom le eŋu la, eŋu mekɔ o.

26 Ŋkeke alesi ʋu le dodom le eŋu, eye wòmlɔ abaa ɖe dzi la, ekema aba la le abe eƒe dzinukpɔtɔ ene, eye nusianu, si dzi wònɔ la, ŋu mekɔ o, eye wòle abe eƒe dzinukpɔtɔ ke ene.

27 Amesiame, si ɖe asi nusiawo ŋu la, eŋu mekɔ o, wòanya eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

28 Ne ʋu la nu tso la, ekema wòaxlẽ ŋkeke adre, emegbe eŋu kɔ.

29 Le ŋkeke enyiagbe la wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu?

30 Eye nunɔla la natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale nunɔla la alé avu ne le Yehowa ŋku me, le eƒe ʋu makɔmakɔ la ta.

31 Ale miaxlɔ̃ nu Israel-viwo le nu makɔmakɔwo ŋu, bena ne wo ŋu mekɔ o la, woagagblẽ kɔ ɖo na nye nɔƒe, si le wo dome la, eye woaku o.

32 Esia nye se na amesi le afu ɖom kple amesi nyẽ tsi, eye eŋu mekɔ o,

33 nyɔnu, si kpɔ dzinu, ŋutsu, si le afu ɖɔm, kple nyɔnu, si ŋu ʋusisidɔ le, kpakple ŋutsu, si mlɔ nyɔnu makɔmakɔa ɖe gbɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan