Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Alesi woada gbe le anyidzela ŋuti.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena;

2 Esia nye se na anyidzela, ne wole eŋu ko ge. Woakplɔe ava nunɔla gbɔe,

3 eye nunɔla la nado ayi egbɔ le asaɖa la godo. Ne nunɔla la kpɔ bena, anyi la vɔ le anyidzela ŋu la,

4 ekema nunɔla nade se bena, woana xevi gbagbe eve, siwo dza kple sederti, ka dze kpakple isop ɖe amesi ŋu kɔm wole la ta.

5 Eye nunɔla nade se bena, woatso xevi ɖeka ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ le ze me.

6 Eye wòatsɔ xevi gbagbe la kple sederti, ka dzẽ kpakple isop la ato xeviʋu, si wotso ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ la me,

7 awu ɖe anyidzela, si ŋu kɔm wole la ŋu, eye wòakɔ eŋu; ke wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu aɖo ɖe gbe me.

8 Eye amesi ŋu kɔm wole la, nanyã eƒe avɔwo, alũ eƒe dawo keŋ, eye wòale tsi, ekema eŋu kɔ. Emegbe ekpɔ mo ayi asaɖa la me, gake woatsi eƒe agbadɔ nu ŋkeke adre sɔŋ.

9 Le ŋkeke adreagbe la wòalũ eƒe ɖawo keŋ; alũ ta, ge kple adzugo, gɔglɔ̃gɔ wòalũ afisiafi, si fu nya le ko, anyẽ eƒe avawo, eye wòale tsi, ekema eŋu kɔ.

10 Le ŋkeke enyiagbe woatso alẽvi eve, siwo so blibo, kple alẽnɔ, si xɔ ƒe ɖeka, eye wosa blibo la, akpe ɖe wɔ memee tre etɔ̃, si wodzaba kple ami ŋu awɔ nuɖuvɔsae, hekpe ɖe ami trevi ɖeka ŋu.

11 Eye nunɔla, si le nua wɔm la, nakplɔ amesi ŋu kɔm wole la, akpe ɖe nuawo ŋu aɖo Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu.

12 Nunɔla nalé alẽvi ɖeka akpe ɖe ami trevi ɖeka la ŋu asa fɔɖivɔe, eye wòanyè wo le Yehowa ŋku me.

13 Emegbe woawu alẽvi la ɖe teƒe kɔkɔe, si wowua nuvɔ̃vɔsalã kple numevɔsalã ɖo; elabena fɔɖivɔsalã hã nye nunɔla tɔ, abe nuvɔ̃vɔsalã ke ene; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.

14 Eye nunɔla la natsɔ fɔɖivɔsalã ƒe ʋu ƒe ɖe asisi ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu.

15 Eye nunɔla la nakɔ ami trevi ɖeka la ƒe ɖe ɖe eya ŋutɔ ƒe miãsi me.

16 Nunɔla la natsɔ eƒe ɖusisibide ade ami, si le eƒe miãsi me la me, eye wòatsɔ eƒe asibide ahlẽ ami la zi adre le Yehowa ŋku me.

17 Eye nunɔla la natsɔ ami, si susɔ ɖe esi la, ƒe ɖe asisi fɔɖivɔsalã ƒe ʋu dzi, le amesi ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu.

18 Emegbe nunɔla la natsɔ ami mamlea, si susɔ ɖe esi la, akɔ ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe tame, bena wòalé avu nɛ le Yehowa ŋku me.

19 Eye nunɔla la nawɔ fɔɖivɔsalã ŋu dɔ, eye wòalé avu na amesi ŋu kɔm wole, le esi eŋu mekɔ o ta; eyome wòawu numevɔsalã la.

20 Eye nunɔla la natsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsa asa vɔe le vɔsamlekpui la dzi, eye wòalé avu ne, ekema eŋu kɔ.

21 Ke ne eda ahe, eye mate ŋu ana nusiawo o la, ekema wòana alẽvi ɖeka, si woanyè awɔ fɔɖivɔsae, bena woatsɔ alé avu nɛ, kple wɔ memee tre ɖeka, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, ami trevi ɖeka

22 kpakple akpakpa eve alo ahɔnevi eve, esi ke woate ŋu anya na ko; woatsɔ ɖeka asa fɔɖivɔe, eye woatsɔ evelia asa numevɔe.

23 Ne wobui be, eŋu kɔ ŋkeke enyi megbe la, ekema wòatsɔ nuawo avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu le Yehowa ŋku me.

24 Nunɔla la natsɔ alẽvi, si wole fɔɖivɔ sa gee la, kple ami trevi ɖeka la, eye wòanye wo le Yehowa ŋku me.

25 Eye woawu alẽvi, si wole fɔɖivɔ sa gee la, eye nunɔla natsɔ fɔɖivɔsalã ƒe ʋu ƒe ɖe asisi ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu.

26 Nunɔla la nakɔ ami la ɖe eya ŋutɔ ƒe miasi me.

27 Eye nunɔla la natsɔ eƒe asibide ahlẽ ami, si le eƒe miãsi me la, ƒe ɖe zi adre le Yehowa ŋku me.

28 Eye nunɔla la natsɔ ami, si le esi la, ƒe ɖe asisi ɖe fɔɖivɔsalã ƒe ʋu dzi le amesi ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu.

29 Eyome nunɔla la natsɔ ami mamlea, si susɔ ɖe esi la, akɔ ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe tame, bena wòalé avu nɛ le Yehowa ŋku me.

30 Emegbe wòawɔ akpakpa alo ahɔnevi, siwo ke ame la te ŋu na la, dometɔ ɖeka ŋu ɖɔ;

31 wòatsɔ ɖeka asa fɔɖivɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe akpe ɖe nuɖuvɔsa la ŋu, eye wòalé avu le Yehowa ŋku me na amesi ŋu kɔm wole.

32 Esia nye se na amesi dze anyi, eye nu mesɔ gbɔ le esi, be woatsɔ akɔ eŋui o.


Alesi woaɖe anyi ɖa le xɔwo ŋu.

33 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kpakple Aron bena;

34 Ne miava Kanaan-nyigba, si matsɔ na mi wòanye mia tɔ la dzi, eye mana anyi nado ɖe xɔa ɖe ŋu le anyigba, si nye mia tɔ dzi la,

35 ekema xɔtɔ nava gblɔ na nunɔla bena: Nane ɖo ɖe nye xɔ ŋu abe anyi ene.

36 Nunɔla la nade se bena, woatɔ nuwo le xɔa me, hafi nunɔla la nava kpɔ nua ɖa, bena nusiwo katã le xɔa me la, magazu nu makɔmakɔwo o. Emegbe hafi nunɔla nayi akpɔ xɔ la ɖa.

37 Ne ekpɔ nu la teƒe, eye wòdze sii bena, nusi le xɔ la ƒe gli ŋu ɖe amamatsi alo ɖe dze wɔ ge, eye wònye ɖe me wu gli la ƒe afi bubuwo la,

38 ekema nunɔla la naɖo le xɔa me ɖe xɔa nu, eye woatu nɔa ŋkeke adre.

39 Ne nunɔla la va le ŋkeke adreagbe, eye wòkpɔ bena, nu la keke ɖe nu le xɔ la ƒe gli ŋu la,

40 ekema nunɔla la nade se bena, woaho kpe, siwo ŋu nua le la, ɖa atsɔ wo aƒu gbe ɖe du la godo, le teƒe makɔmakɔa ɖe.

41 Emegbe woadza xɔ la ƒe gli ŋu afisiafi le eme, eye wòalɔ anyi, si wòdza la, akɔ ɖe du la godo le teƒe makɔmakɔa ɖe.

42 Eyome woatsɔ kpe bubuwo aɖo kpe kemeawo teƒe, eye woatsɔ anyi bubu atre xɔ lae.

43 Ne woho kpewo ɖa, eye wòdza xɔ la ŋu hetsɔ anyi bubu tree, hafi nu la gaƒo ɖe xɔa ŋu,

44 eye nunɔla la va kpɔ nu la, eye wòdze sii bena, ekeke ɖe xɔa ŋu la, ekema anyi vɔ̃ɖie wònye le xɔa me; eŋu mekɔ o.

45 Woagbã xɔ la aƒu anyi, eye woalɔ xɔ la ƒe kpewo, atiwo kple anyiglãgowo aƒu gbe ɖe du la godo le teƒe makɔmakɔa ɖe.

46 Ŋkeke alesi xɔ la gale tutu ko, hafi amea ɖe ge ɖe eme la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

47 Amesi ɖo xɔa me la, nanyã eƒe avɔwo, eye amesi ɖu nu le xɔa me la, nanyã eƒe avɔwo.

48 Ke ne wogbugbɔ xɔ la tre, eye nunɔla la va, eye wòkpɔ bena, nu la mekeke ɖe nu le xɔa me o la, ekema nunɔla la nabu xɔ la be, eŋu kɔ, elabena nu la vɔ.

49 Eye wòatsɔ xevi eve, sederti, ka dze kple isop aɖe vɔ ɖa le xɔ la ŋu.

50 Wòatso xevi ɖeka ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ le ze me,

51 eye wòatsɔ sederti, isop kple ka dze kpakple xevi gbagbe la atɔ xevi, si wotso ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ la, ƒe ʋu me, eye woawui ɖe xɔ la ŋu zi adre.

52 Ale wòatsɔ xevi la ƒe ʋu, tɔsisi me tsi, xevi gbagbe, sederti, isop kpakple ka dzẽ la aɖe vɔ̃ ɖa le xɔ la ŋu.

53 Eye wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu aɖo ɖe du la godo le gbe me; eye ale wòaɖe vɔ ɖa le xɔ la ŋu, ekema eŋu kɔ.

54 Esia nye se le anyidɔwo keŋ kple haƒladzedze

55 kple anyi, si do ɖe avɔ kple xɔ ŋu,

56 kpakple aklabi, nuƒoame kple dzi ŋuti,

57 bena wòanya nusi ŋu mekɔ o kple nusi ŋu ko. Esia nye se le anyi ŋu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan