Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Alesi woakpɔ adze si anyi le ame ŋu.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kpakple Aron bena:

2 Ne amea ɖe ƒe ŋutigbalẽ dze haƒla, aklabi alo dzi, eye wòbe, yeatrɔ zu anyi la, ekema woakplɔ ame la ava nunɔla Aron alo viaŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, dometɔ ɖeka gbee.

3 Ne nunɔla kpo nusi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu, eye fu, siwo le eteƒe, fu ɣie, eye nu la teƒe nye ɖe me wu ŋutigbalẽ bubuawo la, ekema anyie; eye ne nunɔla la kpɔe la, woabui ame makɔmakɔe.

4 Ke ne eƒe ŋutigbalẽ ɖe bo ɣie ko, eye eteƒe menyẽ ɖe me wu ŋutigbalẽ bubuawo o, eye fuawo hã mefu ɣie o la, ekema nunɔla la natu ame la ɖe xɔ me ŋkeke adre.

5 Eye ne nunɔla la kpɔe le ŋkeke adreagbe, eye wòdze sii be, nua gale nenema ko, eye mekaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me o la, ekema nunɔla la nagatui ɖe xɔ me zi evelia ŋkeke adre.

6 Ne nunɔla la gakpɔe ɖa le ŋkeke adreagbe, eye nu la teƒe lé akpa, eye mekaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me o la, ekema nunɔla nabui amesi ŋu ko; elabena dzi ko wònye, eye ame la nanyã eƒe avɔwo, ekema eŋu ko.

7 Ke ne eɖe nunɔla la gbɔ, eye wòbui amesi ŋu ka, hafi dzi la va kaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me emegbe la, ekema wòagatsɔ eɖokui afia nunɔla la zi evelia.

8 Ne nunɔla la kpɔ bena, dzi la kaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me la, ekema nunɔla la nabui ame makɔmakɔe, anyie wònye.

9 Ne anyi ƒo ɖe amea ɖe ŋu la, ekema wòakplɔe ava nunɔla gbɔe.

10 Eye ne nunɔla la kpɔ bena, eŋu ɖo loholoho ɣie, eye fuawo trɔ zu ɣie, alo adzu ɖo loholoho la me la,

11 ekema anyi xoxo wònye le eŋu, eye nunɔla la nabui ame makɔmakɔe; matui ɖe xɔ me o, elabena eŋu mekɔ o.

12 Ke ne nunɔla la tsa le eŋu, eye anyi la ƒo ɖe eŋu katã, tso tame vaseɖe afɔ gɔme,

13 eye ne nunɔla la kpɔ bena, anyi la xɔ eŋu katã, eye eŋu fu ɣie keŋ la, ekema woabui amesi ŋu kɔe.

14 Ke ne adzu ɖo me la, ekema eŋu mekɔ o;

15 eye ne nunɔla la kpɔ adzua la, ekema woabui ame makɔmakɔe; elabena adzu la nu vɔe, anyie wònye.

16 Ne adzu la mie, eye wòfu ɣie la, ekema ame la nava nunɔla gbɔ.

17 Eye ne nunɔla la kpɔ bena, nu la fu ɣie la, ekema nunɔla la nabui be, eŋu kɔ.

18 Ne nuƒoƒo ƒo amea ɖe hemie,

19 emegbe nuƒoƒo la teƒe lolo alo dze dzi, si le ɣie heɖe dze wɔ ge la, ekema wòatsɔ eɖokui afia nunɔla.

20 Ne nunɔla la kpɔ bena, nu la teƒe nye ɖe me wu ŋutigbalẽ bubuawo, eye fuawo lu ɣie la, ekema nunɔla la nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye ƒo ɖe nuƒoƒo la teƒe.

21 Ke ne nunɔla kpɔ bena, fu ɣiwo mele eɖzi o, eye eteƒe menyẽ ɖe me o, ke wòlé akpɔ la, ekema nunɔla la natui ɖe xɔ me ŋkeke adre.

22 Eye, ne ekaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me la, ekema nunɔla nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye.

23 Ke ne nu la teƒe gale nenema ko, eye mekeke ɖe nu o la, ekema nu kuku teƒee, eye nunɔla nabui amesi ŋu kɔe.

24 Ne dzo fiã amea ɖe, eye dzobi la teƒe le ɣie de dzẽ wɔ ge alo le ɣie keŋ,

25 eye ne nunɔla kpɔ bena fu, siwo le eteƒe, fu ɣie, eye eteƒe nyẽ ɖe me la, ekema anyie wònye ƒo ɖe dzobi la teƒe, eye nunɔla la nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye.

26 Ke ne nunɔla la kpɔ bena, fu ɣiwo mele eteƒe o, eteƒe menyẽ ɖe eme o, eye melé akpɔ hã o la, ekema nunɔla natui ɖe xɔ me ŋkeke adre.

27 Ne nunɔla kpɔe ɖa le ŋkeke adreagbe, eye wòkeke ɖe nu la, ekema nunɔla nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye.

28 Ke ne teƒe ɣi la tsi nenema, mekeke ɖe nu o, eye wòlé akpɔ la, ekema dzobi kuku teƒe wònye.

29 Ne aklabi ƒo ɖe ŋutsu alo nyɔnua ɖe ƒe ta me alo ge me,

30 eye ne nunɔla kpɔ aklabi la, eteƒe nye ɖe me, eye dawo zu hẽ hele belibeli la, ekema nunɔla nabui ame makɔmakɔe; aklabi vɔ̃ɖie, anyie wònye ƒo ɖe ta me alo ge me ne.

31 Ke ne nunɔla la kpɔ bena, aklabi la teƒe menyẽ ɖe me o, eye ɖa, siwo le edzi, menya o la, ekema nunɔla la natu ame la ɖe xɔ me ŋkeke adre.

32 Eye ne nunɔla la kpɔe ɖa le ŋkeke adreagbe, eye aklabi la melolo ɖe dzi o, ɖa, siwo le eteƒe, mezu hẽ o, eye aklabi la teƒe menyẽ ɖe me o la,

33 ekema wòako ta, gake woatso aklabi la teƒe ɖi, eye nunɔla la nagatu ame la ɖe xɔ me zi evelia ŋkeke adre.

34 Eye ne nunɔla la kpɔ ame la le ŋkeke adreagbe, aklabi la melolo ɖe dzi o, eye eteƒe menyẽ ɖe me hã o la, ekema nunɔla la nabui amesi ŋu kɔe, eye wòanya eƒe avɔwo, ekema eŋu kɔ.

35 Ke ne nunɔla la bui be, eŋu kɔ, emegbe hafi aklabi la va lolo ɖe dzi,

36 eye ne nunɔla la kpɔ bena, aklabi la nya lolo ɖe dzi ko la, ekema nunɔla la megabia ɖa hẽ ta se o, ame makɔmakɔ wònye.

37 Ke ne ekpɔ bena, aklabi la tsi nenema, eye ɖa yibɔwo to ɖe eŋu la, ekema aklabi la ku; ame la ŋu kɔ, eye nunɔla nabui amesi ŋu kɔe.

38 Ne aklabi ƒo ɖe ŋutsu alo nyɔnua ɖe ŋu,

39 eye nunɔla kpɔ bena, eƒe ŋutigbalẽ lé akpɔ la, ekema menye aklabi vɔ̃ɖie ƒo ɖe eŋu o; eŋu kɔ.

40 Ne ɖa be le dzodome na amea ɖe la, ekema tabebetɔ wònye; eŋu kɔ.

41 Eye ne ɖa be le ŋgonu nɛ la, ekema tabebetɔ wònye; eŋu kɔ.

42 Ke ne dzi ɣi, si ɖe dzẽ wɔ ge, ƒo ɖe bebea teƒe le dzodome alo ŋgonu la, ekema anyie ƒo ɖe eƒe dzodome alo ŋgonu.

43 Eye ne nunɔla la kpɔ bena, nusi ƒo ɖe eƒe dzodome alo ŋgonu la, le ɣie de dzẽ wɔ ge, abe alesi anyi ƒona ɖe ame ŋutii ene la,

44 ekema ŋutsu la dze anyi, eŋu mekɔ o, eye nunɔla la nabui ame makɔmakɔe, agabui ɖe dzi; anyie wòdze ɖe ta.

45 Ɖovu nanɔ anyidzela ŋu, wòagblẽ eƒe ta ɖi wòato, eye wòabla glã anɔ ɣli ɖom bena: Busue! busue!

46 Ŋkeke alesi anyia le eŋu la, eŋu mekɔ o, eya ɖeka nanɔ aga, asaɖa la godo nanye enɔƒe.


Alesi woakpɔ anyi adze sii le awuwo me.

47 Ne anyi ɖo awua ɖe me, eɖanye kuntru alo aklala o,

48 eɖanye avɔ alo nusi wotsɔ ɖeti alo lãfu lɔ̃e o, eɖanye lãgbalẽ alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe o,

49 eye ne nusi le awu alo lãgbalẽ, avɔ alo nu lɔlɔ̃a ɖe alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe la me, de amamatsi alo de dzẽ wɔ ge la, ekema anyie wònye, eye woatsɔe afia nunɔla.

50 Eye ne nunɔla la kpɔ nua la, ekema wòatsɔ nu la ade xɔ me ŋkeke adre.

51 Ne ekpɔe ɖa le ŋkeke adreagbe, eye nu la keke ɖe nu le awu alo avɔ, nu hlɔ̃ alo lãgbalẽ, alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe la me la, ekema anyi vɔ̃ɖie; nu la ŋu mekɔ o.

52 Eye woatɔ dzo awu, avɔ alo nusi wotsɔ lãfu alo ɖeti lɔ̃e alo nusianu, si wotsɔ lãgbalẽ wɔe, si ŋu nu la le; anyi vɔ̃ɖie, eyata woatɔ dzo nu la.

53 Ke ne nunɔla la kpɔ bena, nu la mekeke ɖe nu le awu, avɔ, nu lɔlɔ̃ alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe la me o la,

54 ekema nunɔla la nade se be, wòanya nusi ŋu wòle, emegbe woatsɔe ade xɔ zi evelia ŋkeke adre.

55 Ne wonyã nu la, eye nunɔla la kpɔ bena, egale nenema ko, eye mekeke ɖe nu hã o la, ekema nu makɔmakɔ wònye; ele be, woatɔ dzoe, anyie wònye lé ɖe nu la megbe alo ŋku me.

56 Ke ne wonyã nu la, eye nunɔla la kpɔ bena, megale nenema o la, ekema wòala teƒe la ɖa le awu alo lãgbalẽ, avɔ alo nu lɔlɔ̃ la me.

57 Ke ne egaɖo awu alo avɔ, nu hlɔ̃ alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe me la, ekema anyie, ele be, woatɔ dzo nusi ŋu wòle.

58 Ne ènyã awu alo ava, nu lɔlɔ̃ alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe, eye nu la do le me la, ekema naganyãe zi evelia, emegbe la eŋu kɔ.

59 Esia nye se le anyi, si ɖo awu, si nye kuntru alo aklala, avɔ alo nu lɔlɔ̃ alo nusianu, si wotso lãgbalẽ wòe me la ŋuti, alesi woabui be, eŋu ko, alo eŋu mekɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan