Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ɖoɖo na nyɔnu, si dzi vi.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 Gblɔ na Israel-viwo be: Ne nyɔnua ɖe fo fu, eye wòdzi ŋutsuvi la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke adre, abe ŋkeke alesi wokpɔa dzinui ene.

3 Eye le ŋkeke enyiagbe la woatso eƒe aʋanuyi ɖa.

4 Eye woatsi xɔ me ŋkeke blaetɔ̃ vo etɔ̃, le ʋu, si le eŋu la ta. Maɖe asi nu kɔkɔea ɖeke ŋu o, eye mekpɔ mɔ aɖe kɔkɔeƒe la hã o, vaseɖe esime ŋkekeawo naɖe, eye eŋu nakɔ hafi.

5 Ke ne edzi nyɔnuvi la, ekema eŋu mekɔ o kwasiɖa eve, abe alesi wòkpɔa dzinui ene; emegbe wòatsi xɔ me ŋkeke blaade vo ade le ʋu, si le eŋu la ta.

6 Nenye ŋutsuvi alo nyɔnuvie, eye ŋkekeawo de eŋu ko la, ekema wòalé alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, woawo numevɔsae, kple ahɔnevi alo akpakpa woawɔ nuvɔ̃vɔsae, avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu.

7 Eya natsɔe asa wɔe le Yehowa ŋku me, bena wòalé avu nɛ, ekema eŋu ko tso ʋu, si do le eŋu la me. Esia nye se na nyɔnu, si dzi ŋutsuvi alo nyɔnuvi.

8 Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan