Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzo fiã Nadab kple Abihu.

1 Eye Aron viŋutsuawo Nadab kple Abihu, tsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo ɖe dzo ɖe me, eye woda dzudzɔdonu ɖe wo dzi, eye wotsɔ dzo bubu, si ŋu meɖe mɔ le na wo o la, va Yehowa ƒe ŋku me.

2 Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã wo, eye woku ɖe Yehowa ƒe ŋku me.

3 Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.

4 Eye Mose yɔ Misael kple Elzafan, Aron tɔdia Usiel ƒe viŋutsuwo, gblɔ na wo bena Miva, ne miakɔ mia nɔviawo aɖo goe le kɔkɔeƒe la me ayi ɖe asaɖa la godo.

5 Tete wova, eye wokɔ wo yi ɖe asaɖa la godo, eye awutewui ʋlayawo le wo ŋu, abe alesi Mose gblɔ ene.

6 Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo Eleazar kple Itamar bena: Migakaka miaƒe ɖawo ɖe ta o, eye migadze miaƒe awuwo o, ne miagaku, eye wòado dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋu o. Ke mia nɔviwo, Israel ƒe aƒe blibo la, nafa dzo, si Yehowa tɔ nu la.

7 Migadzo le Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena miaku o, elabena Yehowa ƒe ami le mia ŋu. Eye wowɔ, abe alesi Mose gblɔ ene.

8 Eye Yehowa gblɔ na Aron bena:

9 Ne mia kple viwòŋutsuawo miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muamea ɖeke o, bena miagaku o. Ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.

10 Miade vovo nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu madzɔmadzɔwo kple nu dzadzɛwo dome.

11 Eye miafia ɖoɖo, siwo katã Yehowa ɖo to Mose dzi la, Israel-viwo.

12 Eye Mose gblɔ na Aron kple Eleazar kpakple Itamar, viaŋutsu, siwo susɔ ɖi bena: Mitso nuɖuvɔsa, si susɔ tso Yehowa ƒe dzovɔsa me la, eye miaɖui maʋamaʋãe le vɔsamlekpui la gbɔ, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wonye.

13 Teƒe kokoe la miaɖui le; wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me; elabena nenema wode se nam.

14 Ke wò ŋuta, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo miaɖu lã la ƒe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le teƒe dzadzɛ la, elabena wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me.

15 Woatsɔ ala, si nye adzɔ, kple akɔ, si wonye la, akpe ɖe amiawo, siwo nye dzovɔsa la ŋu, eye nanye wo le Yehowa ƒe ŋku me, bena woanye wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo to. Miaƒe gome wòanye tegbee, abe alesi Yehowa de se ene.

16 Eye Mose bia nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu, si susɔ la, ta se, eye kpɔ ɖa, wòtɔ dzoe xoxo. Tete wodo dɔmedzoe ɖe Eleazar kple Itamar, Aron viŋutsu mamleawo ŋu gblɔ bena: Nukaŋuti mieɖu nuvɔ̃vɔsalã la le teƒe kɔkɔe la o? Elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye, eye wotsɔe na mi, bena miaɖe ha lã ƒe vodadawo ɖa, eye mialé avu na wo le Yehowa ƒe ŋku me.

18 Kpɔ ɖa, wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la mee o, eyata ɖe miaɖui le teƒe kɔkɔe la, abe alesi mede se ene hafi.

19 Eye Aron ƒo nu kple Mose bena: Kpɔ ɖa, wosa nuvɔ̃vɔ kple numevɔ na Yehowa egbea. Esi wònye dzinyee nya la dzɔ ɖo la, ne meɖu nuvɔ̃vɔsalã egbea la, adze Yehowa ŋua?

20 Esi Mose see la, edze eŋu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan