Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

3 Mose 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Numevɔsa ŋu se.

1 Eye Yehowa yɔ Mose, eye woƒo nu kplu tso Mawu ƒe agbadɔ la me gblɔ bena:

2 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mia dometɔa ɖe be, yeatsɔ lãfɔnee asa vɔ na Yehowa la, ekema netsɔ nyi alo alẽ sa vo lae.

3 Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.

4 Eye woatso eƒe asi aɖo numevɔsalã la ƒe tame, ekema ana wòadze eŋu, eye wòalé avui.

5 Eye wòawu nyivi la le Yehowa ƒe ŋku me, eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la ŋu godoo ava kpe.

6 Ekema wòako numevɔsalã la, eye wòaflii ɖe eƒe ƒunuɖeƒeewo.

7 Emegbe Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, nado dzo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woafɔ nake ado dzo la dzi.

8 Eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ lã la ƒe akpawo, ta la kple amiawo aɖo nake, si te wodo dzo ɖo, le vɔsamlekpuia dzi la dzi.

9 Ke woatso tsi akpala eƒe domenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla Aron nata dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi, elabena numevɔsae dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.

10 Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.

11 Eye woawui ɖe vɔsamlekpui la ƒe anyiehekpa dzi le Yehowa ŋku me. Eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

12 Eye wòaflii ɖe eƒe ƒunuɖeƒeewo akpe ɖe eƒe ta kple eƒe amiawo ŋu; eye nunɔla natsɔ wo aɖo nake, siwo te wono dzo do, le vɔsamlekpuia dzi la dzi.

13 Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.

14 Ke nenye xewo wòbe, yeatsɔ asa vɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi asa vɔ lae.

15 Eye nunɔla natsɔe ava vɔsamlekpui la gbɔ, eye wòatro kɔ le enu; eyome woatɔ dzo ta la le vɔsamlekpui la dzi, eye wòadudu eƒe ʋu de vɔsamlekpui la ŋu.

16 Emegbe woade eƒe avɔ eye wòanya fu le eŋu, atsɔ wo aƒu gbeɖe dzowɔteƒe le vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome.

17 Eyome wòafe eƒe aʋalawo, gake womaɖe le enu o, eye nunɔla nata dzoe le nake, siwo te wodo dzo ɖo le vɔsamlekpuia dzi la dzi, elabena numevɔsae, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan