Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Yohanes 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Agbalẽ la xɔlawo.

1 Hamemegã xoxo la ŋlɔ ɖo ɖe aƒenɔ tiatia kple viawo, amesiwo melɔ̃na le nyateƒe me; eye menye nye ɖeɖekoe lɔ̃a wò o, ke boŋ amesiwo katã dze si nyateƒe la hãe,

2 le nyateƒe, si nɔa mía me, eye wòanɔ anyi kpli mí ɖaa la ŋuti:

3 Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kpakple ŋutifafa, si tso Mawu Fofo la kple Yesu Kristo, si nye Fofo la ƒe Vi la gbɔ la, anɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me!


Nuxɔxlɔ̃ bena, woanɔ nyateƒe me.

4 Dzi dzɔm ŋutɔ bena, mekpɔ viwòwo dometɔa ɖewo le nyateƒe la me zɔm, abe alesi miexɔ se tso Fofo la gbɔ ene.

5 Eye azɔ la mele kuku ɖem na wò, aƒenɔ — menye se yeye wònye meŋlɔ ɖo ɖe wò o, ke boŋ esi le mía si tso gɔmedzedzea me lae — bena míalɔ̃ mia nɔewo.

6 Eye esiae nye lɔlɔ̃ la bene, míazɔ ɖe eƒe seawo nu. Esia nye se la bena, miazɔ eme, abe alesi miese tso gɔmedzedzea me ene.

7 Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.

8 Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.

9 Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi.

10 Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o:

11 elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.

12 Nya geɖe gali be, maŋlɔ aɖo ɖe mi; gake nyemelɔ̃ be, matsɔ agbalẽ kple agbalẽŋlɔtsi aŋlɔ wo o, ke boŋ mele mo kpɔm be, mava mia gbɔ, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu, bene miaƒe dzidzɔ nazu blibo.

13 Nɔviwònyɔnu tiatia la ƒe viwo ɖuɖɔ wò ƒã.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan