Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid wɔ dɔmenyo na Mefiboset.

1 Eye Dawid bia bena: Ɖe amea ɖeke mekpɔtɔ ɖe Saul ƒe me, ne mave enu le Yonatan ta oa?

2 Dɔlaa ɖe le Saul ƒe me, si ŋkɔ nye Ziba; eye woyɔe va Dawid gbã, eye fia la gblɔ ne bena: Wòe nye Ziba? Eɖo ŋu bena: Wò dɔlae.

3 Fia la bia bena: Ɖe amea ɖeke megale Saul ƒe me, ne mave enu abe Mawu ene oa? Ziba ɖo ŋu na fia la bena: Yonatan viŋutsu ɖeka li, amesi ƒe ata tu.

4 Tete fia la gblɔ nɛ bena: Afika wòle? Ziba ɖo ŋu na fia la bena: Kpɔ ɖa, ele Amiel vi Maxir ƒe me le Lo-Debar.

5 Tete fia Dawid ɖo ame ɖa woaɖakplɔe vɛ tso Lo-Debar le Amiel vi Maxir ƒe me.

6 Eye esi Saul vi Yonatan ƒe vi Mefiboset va Dawid gbɔ la, etsyɔ mo anyi, eye wobɔbɔ. Tete Dawid gblɔ bena: Mefiboset! Etɔ bena: Wò dɔla enye si.

7 Dawid gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena mave nuwò le fofowò Yonatan ta: magagbugbɔ fofowò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye naɖu nu le nye agba nu ɖaa.

8 Ke eya de ta agu gblɔ bena: Ameka nye wò dɔla, be nètrɔ ɖokuiwò ɖe nye, amesi nye avũ kuku la ŋu?

9 Tete fia la ya Saul ƒe ɖekakpui Ziba gblɔ nɛ bena: Metsɔ nusiwo katã nye Saul kple eƒe aƒe blibo la to la, de asi na wò aƒetɔ ƒe vi.

10 Eye mia kple viwòŋutsuwo kple wò dɔlawo miade agble, eye míaŋe nu nɛ, ne wò aƒetɔ ƒe vi nakpɔ nu aɖu; ke wò aƒetɔ ƒe vi Mefiboset aɖu nu le nye agba nu ɖaa. Eye ŋutsuvi wuiatɔ̃ kple dɔla blave le Ziba si.

11 Tete Ziba gblɔ na fia la bena: Alesi nye aƒetɔ fia de se na eƒe dɔla la, nenema pɛpɛpɛ wò dɔla awɔ! Eye Mefiboset ɖu nu le Dawid ƒe agba nu abe fiaviwo dometɔ ɖeka ene.

12 Eye ŋutsuvi suea ɖe le Mefiboset si, eŋkɔ nye Mixa; eye Ziba-ƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe dɔlawo.

13 Ke Mefiboset nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia ƒe agba nu; eye eƒe atawo kple eve tu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan