2 Samuel 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid di bena, yeatu gbedoxɔ na Mawu, eye wòxɔ ŋugbedodo le eƒe fiaɖuƒe mavɔ la ŋuti. 1 Eye wòva me, esime fia la le eƒe me, eye Yehowa na gbɔdzɔe tso eƒe futɔwo katã si me godoo va kpe la, 2 fia la gblɔ na nyagblɔɖila Natan bena: Kpɔ ɖa, nyea mele sedertixɔ me, ke Mawu ƒe aɖaka la le kuntruwo te. 3 Natan do ŋu na fia la bena: Yi nawɔ nusianu, si le wò dzi me; elabena Yehowa li kpli wò! 4 Tete Yehowa ƒe gbe va Natan gbɔ le zã ma me bena: 5 Yi nagblɔ na nye dɔla Dawid bena: Ale Yehowa to enye si: Wòe atu xɔ nam manɔ emea? 6 Elabena tso gbesigbe mekplɔ Israel-viwo tso Egipte la, nyemenɔ xɔa ɖeke me vaseɖe egbe o, ke boŋ menɔ agbadɔ kple nɔƒe la me henɔa tsatsam. 7 Ŋkeke alesi menɔ Israel-viwo katã dome tsã la, ɖe megblɔ na Israel ƒe toawo dometɔa ɖe, si meɖo be, wòanyi nye dukɔ Israel la bena: Nukaŋuti mietu sedertixɔ nam oa? 8 Azɔ ale nagblɔ na nye dɔla Dawid enye si: Gbe, si Yehowa Zebaot do enye si: Mekplɔ wò tso lãnyiƒe le alẽwo yome, be naɖu amegã ɖe nye dukɔ Israel nu! 9 Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si nèto, metsrɔ̃ wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò, eye mede ŋkɔ gã ŋuwò abe ame ŋkɔŋu, siwo le anyigba dzi ƒe ŋkɔ ene. 10 Mana nɔƒe nye dukɔ Israel, eye mana wòaɖo zunu anyi, ne wòanɔ eteƒe, eye dzika magatso eƒo azɔ o, eye ame vlowo magatee ɖe anyi azɔ abe tsã ene 11 tso gbesigbe meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ Israel nu la o. Mana gbɔdzɔe wò tso wò futɔwo katã si me, eye Yehowa le gbɔgblɔm na wò be: Yehowa le xa tu ge na wò! 12 Ne wò azã de, eye nèmlɔ fofowòwo gbɔ la, ekema maɖo viwò, si ɖo tso wò ali me la, ɖe yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke. 13 Eya natu xɔ na nye ŋkɔ, eye maɖo eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui te dzi ɖaa. 14 Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye ne eda vo la, mahe to nɛ kple ameƒoti, eye maƒoe, abe alesi woƒoa amegbetɔviwo ene. 15 Gake nye amenuveve madzo le egbo, abe alesi mena wodzo le Saul, amesi meɖe ɖa le ŋkuwò me la gbɔ ene o. 16 Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee. Dawid ƒe gbedodoɖa. 17 Eye Natan ƒo nu kple Dawid ɖe nya siawo katã kple ŋutega sia nu pɛpɛpɛ. 18 Eye fia Dawid yi ɖabɔbɔ nɔ Yehowa ŋku me hegblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, ameka menye, eye nuka nye aƒe nye be, nèkplɔm vaseɖe fifi? 19 Aƒetɔ Yehowa, ɖe esia nye nu tse le ŋkuwò me, hafi nègado nusi ava gbaɖegbe la ŋugbe ɖe wò dɔla ƒe aƒe la ŋua? Esia nye nusi nèɖo ɖe amegbetɔvi ŋua, Aƒetɔ Yehowa! 20 Eye nukata Dawid aganɔ nu ƒom kpli wò, elabena ènya wò dɔla, Aƒetɔ Yehowa! 21 Le wò nya kple wò tamesusu ta nèwɔ nu gã siawo katã, bena nana wò dɔla nanyae. 22 Eyata ètri akɔ, Yehowa Mawu, elabena amea ɖeke mede nuwò o, eye mawu bubua ɖeke mexe ɖe ŋuwò o, abe alesi míesee kple to pɛpɛpɛ ene. 23 Dukɔ ka le anyigba dzi de wò dukɔ Israel nu, anyigba dzi dukɔ, si ɖeɖe ko mawua ɖe va ɖe, be wòatsɔ awɔ eƒe dukɔ, ne wòaɖe ŋkɔ eɖokui ŋu, eye wòawɔ nu gã kple ŋɔdzinuwo, be wòanya dukɔwo kple woƒe mawuwo le wò dukɔ, si nèɖe tso Egipte na ɖokuiwò la ŋgɔa? 24 Eye nèɖo wò dukɔ Israel tè dzi, be wòanye wò dukɔ tegbee, eye wò Yehowa nèzu eƒe Mawu. 25 Eyata, Yehowa Mawu, nɔ nya, si nègblɔ ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la dzi tegbee, eye nawɔ, abe alesi nègblɔ ene! 26 Ekema wò ŋkɔ ade du tegbee, eye woagblɔ be: Yehowa Zebaot enye Mawu ɖe Israel nu, eye wò dɔla Dawid ƒe aƒe nali ke le ŋkuwò me! 27 Elabena wò Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔe ɖe wò dɔla ƒe to me bena: matu xɔ na wò; eyata dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò. 28 Azɔ Aƒetɔ Yehowa, wòe nye Mawu, eye wò nyawo nye nyateƒe, eye nègblɔ nya nyui sia na wò dɔla. 29 Eyata lɔ̃ nayra wò dɔla ƒe aƒe la, ne wòano ŋkuwò me tegbee; elabena wò Aƒetɔ Yehowae gblɔe, eye wò yayra ana yayra nanɔ wò dɔla ƒe aƒe dzi tegbee. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana