Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel ƒe to mamleawo si ami na Dawid.

1 Tete Israel-toawo katã va Dawid gbɔ le Xebron, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.

2 Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!

3 Ale Israel-amegãwo katã va fia la gbɔ le Xebron, eye fia Dawid bla nu kpli wo le Xebron le Yehowa ŋku me, eye wosi ami na Dawid, ne woaɖu fia ɖe Israel dzi.

4 Dawid xa ƒe blaetɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu dzi ƒe blane.

5 Eɖu fia ɖe Yuda dzi le Xebron ƒe adre kple dzinu ade, eye wòɖu fia ɖe Israel blibo la kple Yuda dzi le Yerusalem ƒe blaetɔ̃ va etɔ̃.


Dawid xɔ Yerusalem.

6 Eye fia la kple eƒe amewo ho yi Yerusalem ɖe Yebusitɔ, siwo nye anyigbadzitɔwo la ŋu; ke woawo gblɔ na Dawid bena: Màte ŋu ava afisia o, ŋkuagbãtɔwo kple xodrɔ̃wo koe anyẽ wò! Egɔme enye be, Dawid mate ŋu ava afisia o.

7 Ke Dawid xa Zion-mɔ̃ la, eya nye Dawid ƒe du.

8 Gbemagbe Dawid gblɔ bena: Amesi asi Yebusitɔwo hekpe ɖe xodrɔ̃wo kple ŋkuagbãtɔwo, amesiwo Dawid ƒe dzi lé fui la ŋu heva ke ɖe tsiʋu la gbɔ la…! Eyata wogblɔna be: Ŋkuagbãtɔ kple xɔdrɔ̃ megava aƒea me o!

9 Eye Dawid va na mɔ̃ la me hena ŋkɔe be Dawid ƒe du; eye Dawid ɖo gli ƒo xlãe va kpe tso Milo to anyigba gome.

10 Eye Dawid le ŋusẽ kpɔm ɖe dzi, eye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, li kplii.


Dawid ƒe aƒe kple eƒe dziɖuɖuwo.

11 Eye Tiro-fia Xiram ɖo amewo kple sedertiwo ɖe Dawid hekpe ɖe atikpalawo kple kpefulawo ŋu, ne woatu xɔ na Dawid.

12 Azɔ Dawid dze sii bena, Yehowae ɖo ye, ne yeaɖu fia ɖe Israel dzi, eye wòna eƒe fiaɖuƒe de dzi le eƒe dukɔ Israel ta.

13 Esi Dawid tso Xebron va la, egadze ahiãwo, eye wòɖe srɔ̃wo le Yerusalem, eye wogadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo na Dawid.

14 Amesiwo wodzi nɛ le Yerusalem ƒe ŋkɔwo nye esi: Samua, Sabab, Natan kple Salomo,

15 Yibxar, Elisua, Nefeg kple Yafia,

16 Elisama, Elyada kple Elifelet.

17 Tete Filistitowo se bena, wosi ami na Dawid heɖo fiae ɖe Israel dzi, eye Filistitɔwo katã ho, bena woadi Dawid. Eye esi Dawid see la, eyi mɔ̃ la me.

18 Eye Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me.

19 Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mahe ɖe Filistitɔwo ŋua, eye ɖe atsɔ wo ade asi nama? Yehowa ɖo ŋu na Dawid bena: Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!

20 Tete Dawid va Baal-Perazim, eye Dawid si wo le afima, eye wògblɔ bena: Yehowa dze nye futɔwo le ŋgɔnye, abe alesi tɔsisi ŋɔa go ene. Eyata wona ŋkɔ teƒe ma bena Baal-Perazim.

21 Ke wogblẽ woƒe legbawo ɖe afima, eye Dawid kple eƒe amewo fɔ wo.

22 Eye Filistitɔwo gaho heva kaka ɖe Refaim-bali la me

23 Tete Dawid bia nu Yehowa, eye wòɖo ŋu nɛ be: Megaho yi o, ke boŋ to wo megbe, ne nava tu wo le klẽtiawo kasa!

24 Eye ne eva me be, zi ɖi va to klẽtiawo dome nèse la, ekema wɔ kaba, elabena Yehowa dze ŋgɔwò, be wòasi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la!

25 Eye Dawid wɔ, abe alesi Yehowa de se nɛ ene, eye wòsi Filistitɔwo tso Geba vaseɖe Gezer.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan