2 Samuel 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wowu Is-Boset Dawid bia Is-Boset ƒe bli. 1 Esi Saul vi se bena, Abner ku le Xebron la, eƒe asiwò gbɔdzɔ, eye dzidzi ƒo Israel blibo la. 2 Eye ŋutsu eve, siwo nye adzohawo kplɔlawo, le Saul vi la si; ɖeka ŋkɔ nye Baana, eye evelia ŋkɔ nye Rexab, amesiwo nye Beerottɔ Rimon viwo tso Benyamin-viwo dome, elabena wobua Beerot hã kpe ɖe Benyamin ŋu; 3 ke Beerottɔwo si yi Gitaim, eye wonye amedzrowo le afima vaseɖe egbe. 4 Eye ŋutsuvia ɖe le Saul vi Yonatan si, amesi ƒe ata tu. Exɔ ƒe atɔ̃, esime du tso Yezreel va le Saul kple Yonatan ŋuti; tete enyila tsɔe kpa hesii, eye esi wòle kplakplakpla dzi le sisim la, ege, eye wòtu; eŋkɔ nye Mefiboset. 5 Azã Beerottɔ Rimon viwo, Rexab kple Baana, tso yi, eye wova Is-Boset ƒe me le ŋdɔkutsu, esime wòle ŋdɔlɔ̃ dɔm. 6 Wova aƒea me, be woatsɔ lu; eye woda nu dɔ me nɛ, eye Rexab kple nɔvia Baana wosi dzo. 7 Esi wova aƒea me la, emlɔ eƒe aba dzi le xɔgã me, tete woda nui wu, eye wotso ta te enu hetsɔ eƒe ta dze mɔ to tagba le zã blibo la me. 8 Eye wotsɔ Is-Boset ƒe ta vɛ na Dawid le Xebron gblɔ na fia la bena: Kpɔ ɖa, wò futɔ Saul vi Is-Boset, amesi le wò ku dim la, ƒe ta enye si; ale Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe dzidzimeviwo na nye aƒetɔ fia egbe sia! 9 Tete Dawid ɖo ŋu na Rexab kple nɔvia Baana, amesiwo nye Beerottɔ Rimon viwo, gblɔ na wo bena: Meta Yehowa, si ɖe nye agbe tso hiãwo katã me la, ƒe agbe: 10 Melé ame ma, si va gblɔ nam be, Saul ku la, eye mewui le Ziklag, evɔ wònye eya ŋutɔ bu be, gbe nyui yehe vɛ, eye mana dɔtsɔho ye hafi. 11 Azɔ esi ame vlowo wu ame dzɔdzɔe ɖe eƒe aba dzi le eƒe xɔ me la, ɖe nyemabia eƒe nu tso mia si, eye matsrɔ̃ mi ɖa tso anyigba dzi oa? 12 Tete Dawid de se na ɖekakpuiawo, eye wowu wo helã woƒe asiwò kple afɔwo ɖaku ɖe ta to le Xebron; ke wotso Is-Boset ƒe ta ɖi ɖe Abner ƒe yɔdo me le Xebron. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana