Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid viwo.

1 Eye ana nɔ Saul ƒe aƒe kple Dawid ƒe aƒe dome eteƒe didi Eye Dawid ɖe ŋusẽ kpɔm de dzi, ke Saul ƒe aƒe la le gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe dzi.

2 Eye wodzi ŋutsuviwo na Dawid le Xebron: Eƒe ŋgɔgbevi nye Amnon, si nye Yezreeltɔ Axinoam tɔ.

3 Evia evelia nye Xileab, si nye Karmeltɔ, Nabal srɔ̃ Abigail tɔ; etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia, Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi.

4 Enelia nye Adoniya, Xagit vi; atɔ̃lia nye Sefatya, Abital vi;

5 eye adelia nye Yitream, si nye Dawid srɔ̃ Egla tɔ. Amesiawo wodzi na Dawid le Xebron.


Abner trɔ yi Dawid gbɔ; gake Yoab wui.

6 Esi aʋa nɔ Saul ƒe aƒe kple Dawid ƒe aƒe dome la, Abner ku de Saul ƒe aƒe ŋu vevie.

7 Ahiãa ɖe nɔ Saul si, eŋkɔ nye Rizpa, Aya vinyɔnu. Eye Is-Boset gblɔ na Abner bena: Nukaŋuti nède fofonye ƒe ahiã gbɔ?

8 Tete Abner do dɔmedzoe le Is-Boset ƒe nyawo ta gblɔ bena: Avũ ta menye tso Yuda? Meve fofowò ƒe aƒe kple nɔviawo kpakple xɔlɔ̃awo nu egbea, eye nyemetsɔ wò de asi na Dawid o; eye wòa nèle nya hem de ŋunye le nyɔnu ta fifia?

9 Mawu nefia Abner, ne wòagafiae de dzi, ne nyemewɔ, abe alesi Yehowa ka atam na Dawid be:

10 yeaxɔ fiaduƒe la le Saul ƒe aƒe si, eye yeana Dawid ƒe fiazikpui nali ke ɖe Israel kple Yuda dzi tso Dan vaseɖe Beer-Seba o fi!

11 Ke mete ŋu ɖo nyaa ɖeke ŋu na Abner o, elabena ele evɔ̃m.

12 Enumake Abner dɔ amewo do de Dawid, ne woagblɔ nɛ bena: Ameka tɔe nye anyigba la? Eye wògagblɔ be: Bia nu kplim, eye kpɔ da, nye asi akpe de ŋuwò, be matrɔ Israel blibo la de ŋuwò!

13 Eɖo ŋu bena: Enyo, mabia nu kpli wò: ke nu ɖeka dim mele tso asiwò; makpɔ nye ŋku me o, negbe ɖeko nakplɔ Saul vinyɔnu Mixal vɛ, hafi ava kpɔ nye ŋku me!

14 Tete Dawid dɔ amewo ɖo ɖe Saul vi Is-Boset, ne woagblɔ nɛ be: Kplɔ srɔ̃nye Mixal, si metsɔ Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ɖe la, vɛ nam!

15 Eve Is-Boset dɔ woɖaxɔe le srɔ̃a Lais vi Paltiel si vɛ.

16 Eye srɔ̃a dze eyome le avi fam ʋuu kekeke vaseɖe Baxurim; eye Abner gblɔ nɛ bena: Gbugbɔ yi! Tete wògbugbɔ.

17 Ke Abner ƒo nu kple Israel-amegãwo bena: Menye egbe o, menye etsɔ o, miele Dawid dim, be wòaɖu fia de mia dzi.

18 Miwɔe azɔ! Elabena Yehowa gblɔ le Dawid ŋu be: Nye dɔla Dawid ƒe asi dzi to ge mala ade nye dukɔ Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔwo katã si me.

19 Eye Abner ƒo nu ɖe Benyamin hã ƒe to me: emegbe Abner yi Xebron, be yeagblɔ nusiwo katã dze Israel kple Benyamin ƒe aƒe blibo la ŋu la, na Dawid.

20 Esi Abner kple ŋutsu blave, siwo kpe ɖe eŋu, va Dawid gbɔ le Xebron la, Dawid wɔ amedzro na Abner kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu la.

21 Eye Abner gblɔ na Dawid bena: Na matso ayi aɖaƒo Israel blibo la nu ƒu ɖe nye aƒetɔ fia ŋu, ne woabia nu kpli wò, eye, naɖu fia, alesi dze ŋuwò! Tete Dawid ɖo Abner ɖa wòyi le ŋutifafa me.

22 Eye kpɔ ɖa, Dawid ƒe dɔlawo kple Yoab gbɔ tso adzoʋa, eye wohe aboyonu geɖe gbɔe; ke Abner megale Dawid gbã le Xebron o, elabena eɖoe ɖa wòyi le ŋutifafa me.

23 Esi Yoab kple aʋakɔ blibo, si le eŋu, gbã la, wogblɔ na Yoab bena: Abner, Ner vi, va fia la gbã, eye wòɖoe ɖa wòyi le ŋutifafa me.

24 Tete Yoab va fia la gbɔ gblɔ bena: Nuka nye esi nèwu? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò; nukaŋuti nèɖoe ɖa wodzo?

25 Mènya Abner, Ner vi la oa? Elabena nuwò ble ge wòva, ne wòanya wò dodo kple wò gbɔgbɔ kpakple nusiwo katã nèwɔna.

26 Tete Yoab do le Dawid gbɔ hedɔ ame ɖo ɖe Abner yome, eye wotrɔe tso Sira-vudo la gbɔ gbee, ke Dawid menyae o.

27 Esi Abner trɔ gbɔ va Xebron la, Yoab kplɔe yi agbo la te, be woa kplii woaɖe kpɔ; eye wòda nu do me nɛ le afima wòku ɖe nɔvia Asahel ƒe ʋu ta.

28 Ke esi Dawid va see la, egblɔ bena: Mia kple nye fiaɖuƒe la míeɖi fa le Abner, Ner vi ƒe ʋu me o le Yehowa ŋku me tegbee.

29 Neva Yoab ƒe ta kple fofoa ƒe aƒe blibo la dzi, eye afuɖɔla kple anyidzela, amesi tɔna ɖe ati ŋu kple amesi tsia yi nu kpakple amesi abolokoe wona, nu matso le Yoab ƒe me o!

30 Yoab kple nɔvia Abisai wowu Abner, le esi wòwu wo nɔvi Asahel le aʋa me le Gibeon la ta.

31 Tete Dawid gblɔ na Yoab kple ameha, siwo katã le eŋu, bena: Midze miaƒe awuwo, mita akpanya, eye mifa konyi le Abner ŋgɔ! Eye fia Dawid dze amekukugba la yome.

32 Eye woɖi Abner ɖe Xebron; fia la fa avi kple ɣli le Abner ƒe yɔdo to, eye ameha blibo la hã fa avi.

33 Eye fia la fa na Abner gblɔ bena: Ɖe Abner aku abe yakame enea?

34 Womebla asi na wò o, eye womede akɔbliga afɔ na wò o; èku, abe alesi wokuna ɖe ame vlowo si me ene! Tete ameha blibo la gafa avi ɖe dzi wu.

35 Esi ɣe gale dzi ko, eye ameha blibo la va nuɖuɖu na ge fiaa la, Dawid ka atam bena: Mawu nefiam ne wòagafiam ɖe dzi, ne made nu nuɖuɖu alo nu bubua ɖe ŋu, hafi ɣe naɖo to fi!

36 Eye esi ameha blibo la dze sii la, edze wo ŋu; nusianu, si fia la wɔ la, dze ameha blibo la ŋu.

37 Eye ameha la katã kple Israel blibo la dze sii gbemagbe bena: Abner, Ner vi la ƒe ku metso fia la gbɔ o.

38 Eye fia la gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Mienyae be, amegãa ɖe kple ame ŋkɔŋua ɖee ku egbea le Israel oa?

39 Ke nye la ɖevi dzaa menye, hafi wòsi ami nam menye fia. Ke Zeruya vi siawo tri akɔ wum. Yehowa naɖo vɔ̃ eteƒe na nuawɔla ɖe eƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ la nu!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan