2 Samuel 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wohe to na Dawid kple dɔvɔ̃ le esi woxlẽ dukɔ la ta. 1 Eye Yehowa gado dɔmedzoe ɖe Israel ŋuti, eye wòdɔ Dawid ɖe wo ŋu gblɔ bena: Yi ɖaxlẽ Israel kple Yuda! 2 Tete fia la gblɔ na aʋakɔ la ƒe tatɔ Yoab bena: Yi ɖatsa le Israel-toawo katã me tso Dan vaseɖe Beer-Seba eye naxlẽ dukɔ la, ne manya dukɔ la ƒe xexlẽme! 3 Yoab ɖo ŋu na fia la bena: Ne Yehowa na dukɔ la dzi ɖe dzi zi alafa wu alesi wole, be nye aƒetɔ fia nakpɔe kple eƒe ŋkuwo hã la, nukaŋuti nye aƒetɔ fia le nusia tɔgbe dim ma? 4 Ke esi fia ta tsi eƒe nya la dzi na Yoab kple aʋakplɔlawo la. Yoab kple aʋakplɔlawo dzo le fia la gbɔ, be woaɖaxlẽ Israel-dukɔ la. 5 Eye wotso Yordan heva ƒu asaɖa anyi ɖe Aroer, ɖe du, si le bali la me ƒe ɖusi me, ɖo la Gad kple Yaezer lɔƒo. 6 Wòto Gilead heva Kades le Xititɔwo ƒe anyigba dzi, eye wova Dan hetrɔ ɖo ta Zidon. 7 Eye wova Tiro ƒe mɔ̃ sesẽ la gbɔ heto Xiwitɔwo kple Kanaanitɔwo ƒe duwo katã me, eye wova to Yuda ƒe dziehe heva Beer-Seba. 8 Eye wotsa to anyigba blibo la dzi, eye wogbugbɔ va Yerusalem le dzinu asieke kple ŋkeke blave megbe. 9 Eye Yoab tsa dukɔ la ƒe xexlẽme vɛ na fia la: aʋa wolã, siwo ate ŋu adi yi le Israel dome la, la ame akpe alafa enyi, eye Yuda-ŋutsuwo le ame akpe alafa atɔ̃. 10 Tete Dawid ƒe dzi lã kpo, esime wòxlẽ dukɔ la vɔ megbe, eye Dawid gblɔ na Yehowa bena: Mewɔ nuvɔ̃ ŋutɔ be, mewɔ nusia; eyata Yehowa, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa, elabena mewɔ lãnu ŋutɔ. 11 Esi Dawid fɔ ŋdi kanya la, Yehowa ƒe gbe va nyagblɔɖila Gad, amesi nye Dawid ƒe nukpɔla, gbɔ bena: 12 Yi nagblɔ na Dawid bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Nu etɔ metsɔ le ŋkuwò me ɖom, fia wo dometɔ ɖeka, ne mawɔ wò! 13 Tete Gad va Dawid gbɔ, eye wòto nya la nɛ gblɔ bena: Dɔwuame neva wò anyigba dzi ƒe adre loo, alo asi le wò futɔwo nu, eye woaɖe wò ɖe nu dzinu etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ neva wò anyigba dzi ŋkeke etɔ̃a? Azɔ bu eŋu, ne nakpɔ nyaa ɖe maɖagblɔ na amesi dɔm ɖa! 14 Dawid gblɔ na Gad bena: Mexaxa ŋutɔ! Na miadze Yehowa si me, elabena eƒe amenuveve sɔ gbɔ, ke nyemele amegbetɔwo si me dze ge o! 15 Eye Yehowa na dɔvɔ̃ ɖo Israel dome tso ŋdi vaseɖe ɣeyiɣi, si woɖo la dzi; eye ame akpe blaadre ku le dukɔ la dome tso Dan vaseɖe Beer-Seba. Numeme le Arawna ƒe luƒoƒe. 16 Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖe Yerusalem dzi, be yeagblẽe la, vɔ̃ la ve Yehowa, eye wògblɔ na mawudɔla, si le nu gblẽm le dukɔa dome la bena: Esɔ gbɔ! Azɔ ɖiɖi wò asi ɖe anyi! Eve Yehowa ƒe dɔla la le Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe gbɔ. 17 Esi Dawid kpɔ mawudɔla, si la ame wum le dukɔa dome la, egblɔ na Yehowa bena: Kpɔ ɖa, nyee wɔ nuvɔ̃, eye meda vo; ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Wò asi neva mia kple fofonye ƒe aƒe dzi boŋ! 18 Eye Gad va Dawid gbɔ gbemagbe gblɔ ne bena: Yi nadaɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe! 19 Tete Dawid yi le Gad ƒe nya la nu, abe alesi Yehowa de se ene. 20 Esi Arawna fɔ kɔ te la, ekpɔ fia la kple eƒe dɔlawo gbɔna ɖe egbɔ; tete Arawna yi hebɔbɔ, eye wòde ta agu na fía la. 21 Eye Arawna gblɔ bena: Nukata nye aƒetɔ fia va eƒe dɔla gbɔ ɖo? Dawid ɖo eŋu bena: Ɖe mebe, maƒle lugbɔƒe la, ne maɖi vɔsamlekpui na Yehowa, ne dɔvɔ̃ la nu natso le dukɔa dome. 22 Arawna gblɔ na Dawid bena: Nye aƒetɔ fia nexɔe, eye wòasa vɔ, alesi dze eŋu! Kpɔ ɖa, nyiwo nye esi hena numevɔsa, eye luƒotasiaɖam kple nyiawo ŋutinuwo nanye nake! 23 Nusiawo katã wò dɔla Arawna tsɔ na eƒe aƒetɔ fia la. Eye Arawna gblɔ na fia la bena: Yehowa, wò Mawu, axɔe na wò nyuie! 24 Ke fia la gblɔ na Arawna bena: Kpao, ke boŋ maƒlee le asiwò kple ga, eye nyemasa numevɔ na Yehowa, nye Mawu la, dzodzro o. Ale Dawid ƒle lugbɔƒe kple nyiawo klosalo sekel blaatɔ̃. 25 Tete Dawid ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ. Eye Yehowa se gbe, si wòdo ɖa ɖe anyigba la ta, eye dɔvɔ̃ la nu tso le Israel. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana