Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid ƒe a mamleawo.

1 Dawid ƒe nya mamleawo nye esi; Dawid, Isai vi ƒe gbe, ŋutsu, si wodo ɖe dzi, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina la, kple kafukafuhawo ƒe heno le Israel ƒe gbe:

2 Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye, eye eƒe nya le nye aɖe dzi.

3 Israel ƒe Mawu la ƒo nu, Israel ƒe agakpe la gblɔ nam bena: Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la,

4 le abe alesi ŋdi kɔna, ne ɣe dze ene, ele abe ŋdi, si alilikpoa ɖeke medo o ene, eye ele abe keklẽ, si nana gbe miena tso anyigba me le tsidzadza megbe ene.

5 Ɖe nye aƒe mele alea le Mawu ŋku me oa? Elabena ebia nu mava kplim, si woɖo pɛpɛpɛ, eye wodzrae ɖo. Elabena ɖe mana nye xɔxɔwo katã kple nye nudidiwo katã natsi ɖe dzi oa?

6 Ke yakamewo katã le abe ŋu, siwo wotsɔna ƒua gbe, eye womeɖea asi wo ŋu o la ene;

7 ke boŋ amesi be, yeade asi wo ŋu la, ele be, woatso ga kple akplɔti ɖe asi, eye wòatɔ dzo wo ɖe wo teƒe.


Dawid ƒe kalẽtɔwo kple woƒe nuwɔwɔwo.

8 Dawid ƒe kalẽtɔwo ŋkɔwo nye esi: Isbaal, Xaxmoni vi, amesi nye fia ŋu asrafowo ƒe amegã, eya da eƒe akplɔ zi ɖeka to ame tsiaʋa alafa enyi dzi.

9 Eyometɔ nye Eleazar, Axoxi vi, Dodo ƒe vi, amesi le kalẽtɔ etɔ̃awo dome le Dawid gbɔ. Esi woɖu fewu le Filistitɔwo ŋu, eye woƒo ƒu ho aʋa va afima, eye Israel-ŋutsuwo ho yi la,

10 eya tsi tre, eye wòdza amewo le Filistitɔwo dome, vaseɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu, eye yi la lé ɖe asi me nɛ. Yehowa na woɖu dzi gãa ɖe gbemagbe, eye dukɔ blibo la gbugbɔ dze eyome, be woaɖaha nu.

11 Evometɔ nye Sama, Hararitɔ Age vi. Esi Filistitɔwo ƒo ƒu ɖe Lexi, afisi ayi le agble me fũ le, eye dukɔ la si le Filistitɔwo nu la,

12 etsi tre ɖe agble la titina, eye wòxɔe, eye wòsi Filistitɔwo, eye Yehowa na woɖu dzi gãa ɖe.

13 Eye amegã blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ tso yi Dawid gbɔ le Adulam-do la me le nuŋeŋɔli. Esime Filistitɔwo ƒe adzohawo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim-bali la me la,

14 Dawid le mɔ̃ me le to dzi, eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlexem ɣemaɣi.

15 Eye nu de asi Dawid dzodzro me, wògblɔ bena: Ameka aku tsi tso vudɔ, si le agbo me le Betlexem la me ve mano?

16 Tete kalẽtɔ etɔ̃awo yi ɖage ɖe Filistitɔwo ƒe asaɖa me, eye woku tsi le vudo, si le agboa me le Betlexem la me hetsɔ ve na Dawid; ke egbe be, yemanoe o, eye wòtsɔe ƒo ɖe anyi na Yehowa.

17 Eye wògblɔ be: Yehowa, esia wɔwɔ nede megbe xaa tso gbɔnye! Esia nye ŋutsu, siwo tsɔ woƒe agbe ke yi la, ƒe ʋu. Eye wogbe be, yemanoe o. Kalẽtɔ etɔ̃awoe wɔ esia.

18 Abisai, Zeruya vi, Yoab nɔvi, enye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ; eya da eƒe akplɔ to ame tsiaʋa alafa etɔ̃awo dzi, eye wòxɔ ŋkɔ le ame blaetɔ̃awo dome.

19 Wode bubu eŋu le ame blaetɔ̃awo dome, eye eya nye woƒe amegã; gake mede ame etɔawo nu o.

20 Benaya, Yehoyada vi, enye ŋutsu kalẽtɔa ɖe, si wɔ nu tsuwo la ƒe vi tso Kabzeel. Eya wu Moabitɔwo ƒe kalẽtɔ eveawo, eye wowu dzata le vudo la me le gbesigbe sno dza.

21 Eya wu Egipte-ŋutsu kakoa ɖe; akplɔ le Egiptetɔ la si, gake eyi egbɔ kple atizɔti, eye wòxɔ akplɔ la le Egiptetɔ la si hetsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ wui.

22 Nusia Benaya, Yehoyada vi la wɔ, eye wòxɔ ŋkɔ le kalẽtɔ blaetɔ̃awo dome.

23 Wode bubu eŋu le ame blaetɔ̃awo dome, ke mede ame etɔ̃awo nu o, eye Dawid tsɔe ɖo fia ŋu asrafowo nu.

24 Asahel, Yoab nɔvi, le ame blaetɔ̃awo dome, Elxanan, Dodo vi, tso Betlexem,

25 Xaroditɔ Sama kple Xaroditɔ Elika.

26 Paltitɔ Xelez kple Tekoatɔ Ira, Ikes vi,

27 Antotitɔ Abiezer kple Xusatitɔ Mebunai,

28 Axoxitɔ Zalmon kple Netotatitɔ Maharai,

29 Netofatitɔ Xeleb, Baana vi, kple Itai, Ribai vi, tso Benyamin-viwo ƒe Gibea.

30 Piratonitɔ Benaya kple Hidai, si tso Naxale-Gaas,

31 Arbatitɔ Abi-Albon kple Barxumitɔ Azmawet,

32 Saalbonitɔ Eliaxba, Gunitɔ Yasen,

33 Yona tan, Hararitɔ, Sama ƒe vi, Axiam, Harantɔ Sarar ƒe vi,

34 Elifelet, Maaxati vi Ahasbai ƒe vi, Edom, Gilonitɔ, Axitofel ƒe vi,

35 Karmelitɔ Xezrai, Arbitɔ Paerai,

36 Yigal, Natan vi, tso Zoba, Gaditɔ Bani,

37 Amonitɔ Zelek, Beerotitɔ Naxarai, amesi nye Zeruya vi Yoab ƒe adekplɔvi,

38 Yitritɔ Ira kple Yitritɔ Gareb

39 kpakple Xititɔ Uriya. Wo katã le ame blaetɔ̃ vɔ adre.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan