Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid dzi kafukafuha le esi Yehowa ɖee tso futɔwo si me ŋuti.

1 Tete Dawid gblɔ ha sia ƒe nyawo na Yehowa le gbesigbe Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã kple Saul si me,

2 eye wògblɔ be: Yehowa enye nye agakpe, nye mɔ̃ kple nye ɖela.

3 Mawu enye nye ɣaɣlaƒe, amesi gbɔ mebe ɖo nye akpoxɔnu kple nye xoxo ƒe lãdzo, nye mɔ̃ sesẽ kple nye sitsoƒe kpakple nye xɔla, amesi ɖem tso ŋutasẽlawo si me.

4 Meyɔ Yehowa, amesi dze bubu, eye medo tso nye futɔwo si me.

5 Elabena ku ƒe tsitsotsoewo ɖe to ɖem eve gbegblẽ ƒe tɔsisiwo do ŋɔdzi nam.

6 Tsiẽƒe ƒe kawo ƒo xlãm eve ku ƒe adoboliwo ɖem

7 Meyɔ Yehowa le nye xaxa me eye meɖo ɣli na nye Mawu, ese nye gbe tso eƒe fiasã me, eye nye kokoƒoƒo de eƒe to me.

8 Anyigba ʋã, eye wòʋuʋu, eye dziƒo ƒe anyinɔwo dzo kpekpekpe: woʋã elabena edo dɔmedzoe.

9 Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me, dzo tso eƒe nu me fiã nu, eye aka lé dzo tso egbɔ.

10 Eviã dziƒo heɖi ɖe anyi, eye alilikpo dodo le eƒe afɔ te.

11 Ena Kerubi dzi hedzo, eye woɖo agba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi.

12 Ewo viviti no me abe agbadɔ ene, eye tsiɖɔɖɔ tso alilikpo dodo me.

13 Dzoka xɔxɔwo do tso keklẽ me le eŋgɔ.

14 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo, eye dziƒoʋitɔ la na eƒe gbe ɖi.

15 Eda aŋutrɔ wòkaka wo hlẽ, eye wòɖo dzikedzo ɖa wòtafa wo.

16 Tete atsiaƒu gɔme dze, eye anyigba ƒe anyinɔwo tsi go to Yehowa ƒe ŋɔdzidodo kple eƒe ŋɔti me gbɔgbɔ me.

17 Edo alɔ ɖa tso dzi lém, eye wòhem tso tɔ gãwo me

18 Eɖem tso nye futɔ sesẽ la kple nye ketɔwo si me, elabena wosesẽ wum.

19 Wodze dzinye le gbesigbe meɖo dzɔgbevɔ̃e me, ke Yehowa enye nye ziɔɖeŋu.

20 Ekplɔm va dogba dzi, eye wòɖem, elabena nye nu nyo eŋu.

21 Yehowa wɔ nam ɖe nye dzɔdzɔenyenye nu, eye wòɖo teƒe nam le esi nye asi dza ta.

22 Elabena melé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu, eye nyemewɔ nu vloa ɖeke ɖe nye Mawu ŋu o.

23 Elabena eƒe sewo katã le ŋkunye me, eye nyemeɖe eƒe ɖoɖowo ɖa le gbɔnye o.

24 Mede blibo le eƒe ŋku me, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nye vodada ŋuti.

25 Eyata Yehowa ɖo eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, le esi nye asi dza le eŋku me ta.

26 Wò dɔme nyona ɖe dɔmenyotɔ ŋu, eye èdea blibo le amesi dea blibo la gbɔ.

27 Edzana le amesi dzana gbɔ, ke èvlona ɖe amesi vlona ŋu.

28 Exɔna na dukɔ, si wolena ɖe anyi, eye wò ŋku nɔa dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi.

29 Elabena wò Yehowa ènye nye akaɖi, eye Yehowa na nye viviti me kɔ.

30 Elabena dziwò metona nyaa avuzi le amehawo dzi, eye nye Mawu dzi metona tia kpo flɔ gli.

31 Mawu ƒe mɔ de blibo, Yehowa ƒe nya me kɔ, akpoxɔnu wònye na amesiwo katã sii tso.

32 Elabena ameka nye mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Eye ameka nye agakpe kpe ɖe mía Mawu la ŋu?

33 Mawu enye nye mɔ̃ sesẽ, eye wòna nye mɔ zu gbadzaa.

34 Ewɔ nye afɔ abe zinɔwo tɔ ene, eye wòɖom togbɛwo dzi.

35 Efia aʋawɔwɔ nye asiwò, ale be nye alɔwo vu akɔblidati me.

36 Etsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu la nam, eye wò gbesese wɔm mezu gã.

37 Ena nye afɔɖeɖe keke le tenye, eye nye afɔkɔewo mebotsona o.

38 Meɖe nye futɔwo ɖe nu, eye mewu wo, eye nyemetrɔ o, vaseɖe esime metsrɔ̃ wo vɔ.

39 Metsrɔ̃ wo, eye meto wo nyanyanya, ale be womegafɔ o, eye wodze anyi ɖe nye afɔ te.

40 Etsɔ ŋusẽ bla ali dzi nam ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye nèbɔbɔ nye futɔwo ɖe tenye.

41 Ena nye futɔwo trɔ ʋume dem, eye metsrɔ̃ nye futɔwo gbidigbidi.

42 Wodo ɣli na Yehowa, ke xɔnametɔa ɖeke meli o, eye meɖo ŋu na wo o.

43 Metu wo abe anyigba ʋuʋudedi ene, eye metu afɔ wodzi hefanya wo abe kpɔdomeeba ene.

44 Eɖem tso nye dukɔ ƒe dzrewɔwɔwo me, èdzram ɖo hetsɔm ɖo dukɔwo ƒe lae, eye dukɔ, si nyemenya o la, subɔm.

45 Amedzroviwo vivi nu me nam; tonu ko wose, eye woɖo to nye gbe.

46 Dzidzi ƒo amedzroviawo, eye woƒe lãme tu, wodo tso woƒe mɔwo me.

47 Yehowa le agbe; woakafu nye agakpe, eye wòado Mawu, nye xoxo ƒe agakpe la, ɖe dzi.

48 Mawu, amesi bia hlɔ̃ nam, eye wòtsɔ dukɔwo ɖe tenye.

49 Ekplɔm tso nye futɔwo dome, eye wòtsɔm ɖo nye futɔwo dzi, eye wòɖem tso ŋutasẽla si me.

50 Eyata mele kafuwòm, Yehowa, le dukɔwo dome, eye mele kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.

51 Eɖe xɔxɔ gã fia eƒe fia, eye wòve Dawid, eƒe amesiamina la, kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan