2 Samuel 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dɔwuame va Israel le Saul ƒe Gibeontɔwo wuwu la Rizpa. 1 Eye do to le Dawid ŋɔli ƒe etɔ̃ sɔŋ Ira ɖe enu; eye Dawid do gbe ɖa na Yehowa. Tete Yehowa gblɔ bena: Saul kple eƒe aƒe la ɖe hlɔ̃fe, elabena ewu Gibeontɔwo. 2 Eye fia la ya Gibeontɔwo ƒo nu kpli wo. Gibeontɔwo metso Israel-viwo dome o, ke boŋ wonye Amoritɔwo ƒe kpɔtɔe, siwo Israel-viwo ka atam na; eye Saul di be, yeawu wo, elabena eʋã ŋu ɖe Israel-viwo kple Yuda nu 3 Eye Dawid gblɔ na Gibeontɔwo bena: Nuka mawo na mi, eye nuka matsɔ alé avu mi, be miayra Yehowa ƒe domenyinu la? 4 Gibeontɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Klosalonya alo sikanyaa ɖeke mele mía kple Saul kple eƒe aƒe la dome o, eye miele amea ɖeke hã ɖim, be míawu le Israel o. Eye wògblɔ be: Nuka dim miele, be mawo na mi? 5 Woɖo ŋu na fia la bena: Ŋutsu, si wu mi, eye wòɖo lãme be, yeatsrɔ̃ mi ɖa, ne míaganɔ Israel-nyigba blibo la dzi o lae! 6 Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana 7 Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta. 8 Tete fia la lé Aya vinyɔnu Rizpa ƒe viŋutsu eveawo, siwo nye Armoni kple Mefiboset, amesi wodzi na Saul, hekpe ɖe Saul vinyɔnu Merab ƒe viŋutsu atɔ̃awo ŋu, siwo wodzi na Mexolatitɔ Adriel, Barsilai vi, 9 eye wotsɔ wo de asi na Gibeontɔwo, eye wohe wo ɖe ati ŋu le to la dzi le Yehowa ŋku me, eye wo ame adre la ku zi ɖeka. Wowu wo le nuŋeɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esime wodze luŋeŋe gɔme. 10 Tete Aya vinyɔnu Rizpa tsɔ akpanya keke ɖe agakpe la dzi tso nuŋeɣi ƒe gɔmedzedze, vaseɖe esime tsi dza tso dziƒo ɖe wodzi; eye mena dziƒoxewo dze ɖe wo dzi le ŋkeke me, alo gbemelãwo va wo gbɔ le zã me o. 11 Esi wogblɔ nusi Aya vinyɔnu Rizpa, Saul ƒe ahiã wɔ, na Dawid la. 12 Dawid yi ɖaxɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo, siwo Yabes-Gileadtɔwo yi ɖafi le Bet-San ƒe ablɔ me, afisi Filistitɔwo tsɔ wo va ku ɖo, le gbesigbe Filistitɔwo wu Saul le Gilboa la, le wo si. 13 Eye wotsɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo tso afima vɛ, eye woƒo amesiwo wohe ɖe ati ŋu la hã ƒe ƒuwo nu ƒu. 14 Eye woɖi Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo ɖe Zela le Benyamin-nyigba dzi ɖe fofoa Kis ƒe yɔdo me, eye wowɔ nusiwo katã ŋu fia la ɖe se le la. Esia megbe Mawu gase gbe, si wodo ɖa ɖe anyigba la ta. Dawid ɖu Filistitɔwo dzi. 15 Filistitɔwo gãwo aʋa kple Israel, eye Dawid kple eƒe dɔlawo ho ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye ɖeɖi te Dawid ŋu. 16 Eye Yisbi tso Nob, amesi nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, di be, yeawu Dawid. Eƒe akplɔ ƒe kpekpeme le akɔbli sekel alafa etɔ̃, eye wòkpla aʋawɔnu yeye. 17 Ke Zeruya vi Abisai xɔ nɛ, eye wòwu Filistitɔ la. Ɣemaɣi Dawid ƒe ŋutsuwo ka atam nɛ bena: Magade aʋa kpli mi azɔ o, ne nagatsi Israel ƒe akaɖi la o! 18 Eye wòva me emegbe be, wowɔ aʋa kple Filistitowo le Gob. Ɣemaɣi Xusatilɔ Sipai wu Saf, si tso ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dome. 19 Wogawɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gob, eye Elxanan, Yaare-Orgim vi, tso Betlexem wu Gatitɔ Goliat, amesi ƒe akplɔti le abe abaladoti ene. 20 Wogawɔ aʋa le Gat, eye ame dzɔtsua de to asi ade kple afɔ ade; wo katã le blave vɔ ene; eye eya hã tso ame dzɔtsuwo ƒe dzidzime. 21 Eɖu fewu le Israel ŋu, tete Yonatan, Dawid nɔvi Simea vi wui. 22 Ame ene siawo tso ame dzɔtsuwo ƒe dzidzime le Gat, eye wotsi Dawid kple eƒe dɔlawo si me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana