Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Seba aglãdzelawo ƒe kplɔla wuwu.

1 Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!

2 Tete Israel-ŋutsuwo katã tu le Dawid ŋu hedze Seba, Bixri vi la yome. Ke Yuda-ŋutsuwo ku ɖe woƒe fia la ŋu tso Yordan nu vaseɖe Yerusalem.

3 Esi Dawid va eƒe me le Yerusalem la, fia la tsɔ nyɔnu ewo, siwo nye eƒe ahiãwo, amesiwo wogblẽ ɖi, be woanɔ aƒea dzi kpɔm la, de xɔ me, eye wòkpɔ wo dzi, ke medɔ wo gbɔ o; eye wotsi xɔa me, abe alesi ahosiwo nɔa agbee ene, vaseɖe woƒe kugbe.

4 Eye na la gblɔ na Amasa bena: Yɔ Yuda-ŋutsuwo nam le ŋkeke etɔ me, emegbe nagava afi!

5 Eye Amasa yi Yuda yɔ ge; ke esi wòtsi anyi ɣeyiɣi, si woɖo nɛ, de gbɔ edzi la,

6 tete Dawid gblɔ na Abisai bena: Azɔ Seba, Bixri vi la, le vɔ wɔ ge mi awu Absalom. Eyata ɖe wò aƒetɔ ƒe dɔlawo, eye nati eyome, ne magaxɔ du sesẽwo, eye wòasi le mia ŋku me o!

7 Eye Yoab ƒe amewo ho dze eyome hekpe ɖe Kretitɔwo kple Pletitɔwo kpakple kalẽtɔwo katã ŋu, eye woho tso Yerusalem ti Seba, Bixri vi la yome.

8 Esi woɖo kpe gã, si le Gibeon gbɔ la, tete Amasa va ɖo go wo. Ke yi le Yoab si le eƒe aʋawu, si wòɖo la te, eye wòta yi, si le aku me la, ɖe edzi le aklito, eya ɖo le eme hege ɖe anyigba.

9 Yoab gblɔ na Amasa bena: Nɔvinye, èli sesĩea? Tete Yoab tsɔ ɖusi lé Amasa ƒe ge, be yeaɖuɖɔ nu nɛ.

10 Ke Amasa melé ŋku ɖe yi, si le Yoab si la ŋu o; eye wòtsɔe ɖa nu dɔ me nɛ, eye eƒe, dɔmenuwo dudu ɖe anyigba, ke megadae zi evelia o. Esi Yoab kple nɔvia Abisai woti Seba, Bixri vi la yome la,

11 Yoab ƒe ɖekakpuiwo dometɔ ɖeka tsi egbɔ le gbɔgblɔm bena Amesi ke lɔ̃a Yoab ƒe nya kple amesi ke nye Dawid lɔ la, nedze Yoab yome!

12 Ke Amasa le mimlim le eƒe nu me le maƒo me. Esi ŋutsu la kpɔ be, aʋakɔ blibo la tɔ la, èhe Amasa ɖa tso mɔa dzi yi gbe me, eye wotsɔ avɔ tsyɔ edzi; elabena ekpɔ be, amesiame, si va la, tɔna ɖi.

13 Esi wòtee ɖa le mɔa dzi la, amesiame to eŋuli dze Yoab yome, be woati Seba, Bixri vi la yome.

14 Ke eya tsa to Israel-toawo katã me vaseɖe Abel-Bet-Maaxa, eye Bixritɔwo katã hã ƒo ƒu hedze eyome.

15 Azɔ wova ɖe to ɖe wo le Abel-Bet-Maaxa, eye woƒu kpo ɖe du la ŋu vaseɖe glia dzi. Eye aʋakɔ blibo, si le Yoab ŋu la, lu ɖe eme, be woamũ gli la.

16 Tete nyɔnu dzeaɖaŋua ɖe do ɣli tso dua me bena: Ago gbɔ! Ago gbɔ! Taflatse, migblɔ na Yoab be, nete va ati, ne maƒo nu kplii!

17 Tete wote ɖe eŋu, eye nyɔnu la gblɔ be: Wòe nye Yoab la? Eɖo ŋu be: Nyee! Eye wògblɔ nɛ be: Se wò dɔlanyɔnu ƒe nya! Eɖo ŋu be: Mele esem.

18 Eye wògblɔ bena: Blema la wogblɔna be: Mibia le Abel, ekema nya la awu nu!

19 Nyee nye ame fafa kple anukwaretɔwo dometɔ ɖeka le Israel; èbe, yeatsrɔ̃ du kple dada le Israel; nukaŋuti nèbe, yeagblẽ Yehowa ƒe domenyinu?

20 Tete Yoab xɔ edzi gblɔ bena: Nyemebe, matsrɔ̃ naneke o, eye nyemebe, magblẽ naneke o.

21 Nya la mele alea o, ke boŋ ŋutsua ɖe, si tso Efrayim-to la dzi, amesi ŋkɔ nye Seba, Bixri vi lae, do eƒe asi ɖe dzi ɖe fia Dawid ŋu. Ne mieɖe eya ɖeɖe na la, ekema madzo le dua ŋu. Eye nyɔnu la gblɔ na Yoab bena: Kpɔ ɖa, woatsɔ eƒe ta aƒu gbe ato glia dzi aɖo de wò.

22 Eye nyɔnu la va dukɔ blibo la gbɔ kple eƒe aɖaŋudzedze la, eye wotso ta le Seba, Bixri vi la nu tsɔ ƒu gbe ɖe Yoab. Tete woku kpẽ, eye woka le du la ŋu, eye amesiame yi ɖe eƒe agbadɔ me. Emegbe Yoab gbugbɔ va fia la gbɔ le Yerusalem.


Dawid subɔlawo.

23 Yoab le Israel ƒe aʋakɔ blibo la nu, eye Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo kple Pletitɔwo nu;

24 Adoram kpɔa dɔwɔwɔ dzi, eye Yosafat, Axilud vi, enye fia ƒe tsiami;

25 Seya enye agbalẽŋlɔla, eye Zadok kple Abyatar wonye nunɔlawo;

26 eye Ira, Yairitɔ, hã enye nunɔla le Dawid gbɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan