Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid zu Ba le Yuda, eye Is-Boset le Israel.

1 Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!

2 Tete Dawid yi afima, eye srɔ̃ eveawo, Yezreeltɔ Axinoam kple Karmeltɔ Abigail, kpe ɖe eŋu.

3 Eye Dawid kplɔ ŋutsu, siwo le eŋu, hã yii amesiame kple eƒemetɔwo, eve wonɔ Xebron-duwo me.

4 Tete Yuda-ŋutsuwo va, eye wosi ami na Dawid le afima, ne woaɖu fia ɖe Yuda ƒe aƒe la dzi. Eye wova gblɔ na Dawid bena: Yabes-Gileadtɔwoe nye amesiwo ɖi Saul.

5 Tete Dawid ɖɔ amewo ɖo ɖe Yabes-Gileadtɔwo gblɔ na wo bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu, eye mieɖii!

6 Eyata Yehowa ave mia nu, eye wòaɖi anukware na mi, eye nye hã mawɔ nyui sia tɔgbe na mi, le esi miewɔ nusia la.

7 Ke migana miaƒe asi nado agblɔ o, eye miwɔ ŋutsu, elabena miaƒe aƒetɔ Saul ku, eye Yuda ƒe aƒe la si ami nam, be maɖu fia ɖe wo dzi.

8 Ke Saul ƒe aʋafia Abner, Ner vi, kplɔ Saul vi Is-Boset yi Maxanayim,

9 eye wòɖoe fia ɖe Gilead kple Asertɔwo, Yezreel, Efrayim, Benyamin kple Israel blibo la dzi.

10 Saul vi Is-Boset xɔ ƒe blane, esime woɖoe fia ɖe Israel nu, eye woɖu fia ƒe eve; negbe Yuda ƒe aƒe la koe ku ɖe Dawid ŋu.

11 Ŋkeke, siwo Dawid ɖu fia le Xebron de Yuda ƒe aƒea dzi la, le ƒe adre kple dzinu ade.

12 Eye Abner, Ner vi, kple Saul vi Is-Boset ƒe dɔlawo ho tso Maxanayim yi Gibeon.

13 Eye Zeruya vi Yoab kple Dawid ƒe dɔlawo hã ho, eye wova ƒo go wo nɔewo le Gibeon-tato; woawo le ta la ƒe go si me, eye ame meawo le ta la ƒe go keme.

14 Tete Abner gblɔ na Yoab bena: Na ɖekakpuiawo natsi tre; ne woate wo ɖokui akpɔ le mía ŋku me! Eye Yoab gblɔ bena: Ne wotsi tre!

15 Eye wotsi tre yi le woƒe xexlẽme nu; ame wuieve nye Saul vi Is-Boset lɔ tso Benyamin, eye wo ame wuieve tso Dawid ƒe dɔlawo dome.

16 Wòlé ta na wo nɔewo heƒo yi ɖe wo nɔewo ƒe abla me, eye wodze anyi zi ɖeka. Eye wona ŋkɔ teƒe sia be nudaƒe; ele Gibeon.


Abner wu Asahel.

17 Aʋa la nu sẽ ŋutɔ gbemagbe, eye Dawid ƒe dɔlawo si Abner kple Israel-ŋutsuwo.

18 Eye Zeruya viŋutsu etɔ̃ le afima: Yoab, Abisai kple Asahel; eye Asahel ƒe afɔ tsɔna abe zi le gbe me ene.

19 Eye Asahel ɖe Abner ɖe nu, eye medze ɖe ɖusi alo mia me le Abner yome o.

20 Tete Abner nyẽ kɔ gblɔ bena: Wòe nye Asahel mahã? Eɖo ŋu bena: Nyee.

21 Abner gblɔ nɛ bena: Dze ɖe ɖusi alo mia me, eye nalé ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka aɖe eŋutinu na ɖokuiwò! Ke Asahel gbe be, yematrɔ le eyome o.

22 Abner gagblɔ na Asahel bena: Trɔ le yonyeme dzro! Nukata mada nu wò aƒu anyi? Aleke mawɔ agate gu akpɔ nɔviwò Yoab ŋku mea?

23 Ke egbe tɔtrɔ, eye Abner tso akplɔnu ƒo ɖe do me nɛ, eye akplɔ la ɖi go ɖe egodo, eye wòdze anyi ɖe afima heku ɖe eteƒe. Eye wòva me, ne amesiame va teƒe, si Asahel dze anyi ku ɖo la, etɔna ɖi.

24 Eye Yoab kple Abisai woti Abner yome, eye esi ɣe ɖo to la, wova Ama-togbɛ, si le Giax kasa le Gibeon-gbegbe-mɔ dzi la gbɔ.

25 Tete Benyamin-viwo ƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe Abner yome hewɔ asafokɔ ɖeka, eye wotsi tre ɖe togbɛa ɖe ta me.

26 Eye Abner yɔ Yoab gblɔ bena: Ɖe yi anɔ nuɖuɖu dzi koa? Menyae be, ava vɔ̃ɖi ɖe dzi emegbe oa? Ɣekaɣi nagblɔ na dukɔ la be, woatrɔ le wo nɔviwo yomea?

27 Yoab ɖo ŋu bena: Meta Mawu ƒe agbe, ɖe menye wòe ƒo nu o la, anye ne dukɔ la gbugbɔ le wo nɔewo yome tso egbe ŋdi ke.

28 Eye Yoab ku kpẽ, tete aʋakɔ blibo la tɔ, womegati Israel yome o, eye wodzudzɔ aʋawɔwɔ.

29 Eye Abner kple eƒe amewo to tagba le zã blibo la me hetso Yordan, eye woto ʋe blibo la me va Maxanayim.

30 Eye esi Yoab gbugbɔ tso Abner yometiƒe la, eƒo aʋakɔ blibo la nu ƒu, eye ame wuiasieke hekpe ɖe Asahel ŋu to le Dawid ƒe dɔlawo dome.

31 Ke Dawid ƒe dɔlawo wu ame alafa etɔ̃ kple blaade le Benyamin kple Abner ƒe amewo ŋu.

32 Eye wokɔ Asahel ɖaɖi de fofoa ɖiƒe le Betlexem; eye Yoab kple eƒe amewo zɔ zã blibo la, eye ŋu ke de wo le Xebron.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan