2 Samuel 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid ƒe konyifafa. Wogaɖoe fia ɖe Yuda dzi. 1 Tete fia la ƒo kpakpakpa heyi ɖe agbo la ƒe akpala me, eye wòfa avi; eye esi wòle yiyim la, ele gbɔgblɔm be: Vinye Absalom, vinye! Vinye Absalom, ɖe meku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu! Vinye Absalom, vinye! 2 Eye wova gblɔ na Yoab bena: Kpɔ ɖa, fia la le avi fam, eye wòle konyi tam le Absalom ŋuti. 3 Ale dziɖuɖu la trɔ zu konyifafa na dukɔ blibo la gbemagbe, elabena dukɔ la se gbemagbe be, fia la le nu xam le via ŋuti. 4 Eve aʋakɔ la zɔ minyaminya va yi ɖe du la me, abe alesi aʋakɔ, si ɖu ŋukpe, zɔna nunya nunya, ne esi le aʋa nu la ene. 5 Fia la tsyɔ nu ŋku me, eye fia la do ɣli kple gbe sesi bena: Vinye Absalom, vinye Absalom, vinye! 6 Tete Yoab yi ɖe fia la gbɔ le xɔa me gblɔ bena: Ede ŋukpe mo na wò dɔlawo katã, amesiwo xɔ mia kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo ɖe agbe egbea: 7 elɔ̃ amesiwo lé fu wò, eye nele fu amesiwo lɔ wò; elabena eɖee fia egbea bena, amegã kple dɔlaa ɖeke mele asiwò o; elabena medze sii egbea bena, ɖe wònye Absalom ye tsi agbe, eye mi katã míeku la, ne enyo ŋuwò wu. 8 Eyata tsi tre, nado ayi, eye naƒo nu kple wò dɔlawo fafɛ; elabena meta Yehowa: ne medo yi o la, amea ɖeke makpɔtɔ ɖe gbɔwò le zã sia me o; eye esia avɔ̃ɖi na wò awu vɔ̃, siwo katã dzɔ ɖe dziwò tso wò ɖekakpuime vaseɖe fifi! 9 Tete fia la tsi tre va bɔbɔ nɔ agbo nu. Eye wova gblɔe na aʋakɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, fia la bɔbɔna agbo nu! Eye aʋakɔ blibo la va fia la ŋku me; gake Israel dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me. 10 Eye dukɔ blibo la he dzre le Israel-toawo katã me gblɔ bena: Fia la ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, eye wòxɔ mí tso Filistitɔwo si; azɔ esi tso anyigba la dzi le Absalom nu. 11 Ke Absalom, amesi míesi ami na heɖo fiae ɖe mía nu la, tsi aʋa. Azɔ nukaŋuti miele hehem ɖe megbe le fia la kpɔkplɔ gbɔe me? 12 Eye Dawid dɔ ame ɖo ɖe nunɔla Zadok kple Abyatar gblɔ bena: Miƒo nu kple Yuda-ame tsitsiwo bena: Nukaŋuti miebe, yewoanye ame mlɔetɔ, siwo ava kplɔ fia la ayi eƒe mee? Elabena Israel blibo la ƒe nya ɖo fia la gbɔ le enɔƒe. 13 Nɔvinyewo míenye, nye ƒu kple nye ŋutilã míenye; nukaŋuti miehe, yewoanye ame mlɔetɔ, siwo ava kplɔ fia la? 14 Eye migblɔ na Amasa bena: Alo menye nye ƒu kple nye ŋutilã nenye oa? Mawu nafiam agafiam ɖe dzi, ne menye wòe anye aʋafia le ŋkunye me ɖaa ɖe Yoab teƒe o fi! 15 Ale wòtrɔ Yuda-ŋutsuwo katã ƒe dzi abe ŋutsu ɖeka tɔ ene, eye wodɔ ame ɖo ɖe fia la gbɔ bena: Mia kple wò dɔlawo katã migbugbɔ va! 16 Eye fia la gbugbɔ heva Yordan nu; ke Yuda va Gilgal, be woakpe fia la, eye wòaɖe tsii ato Yordan dzi. Dawid ƒe kalẽwɔwɔ kple akpedada. 17 Tete Benyamintɔ Simei, si nye Gera vi tso Baxurim, wɔ kaba yi kple Yuda-ŋutsuwo, be yeaɖakpe fia Dawid. 18 Eye Benyamin-ŋutsu akpe ɖeka kple dɔla Ziba, si le Saul ƒe me, kple via wuiatɔ̃awo kple eƒe dɔla blave wokpe ɖe eŋu, eye wotre Yordan nu vava na fia la. 19 Emegbe duwo yi, be woaɖe tsi fiaƒe me tɔwo, eye woawo, abe alesi wòdi ene. Tete Simei, Gera vi, de ta agu ɖe fia la ŋku me, esime wotso Yordan. 20 Eye wògblɔ na fia la bena: Nye aƒetɔ megabu vodada nam o, eye megado ŋku vo, si eƒe dɔla dã le gbesigbe nye aƒetɔ fia la tso Yerusalem la o, eye fia la megabui o! 21 Elabena wò dɔla nyae be, yewo nuvɔ̃, eye kpɔ ɖa, nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe aƒe blibo la me va nye aƒetɔ fia la kpe ge egbea. 22 Tete Abisai, Zeruya tu la, gblɔ bena: Alo womele Simei, amesi do ɖiŋu na Yehowa ƒe amesiamina la, wu ge oa? 23 Ke Dawid ɖo ŋu bena: Nya ka me mele kpli mi Zeruya viwo, hafi miebe, yewoatem akpɔ egbea? Egbee woawu ame le Israel a? Ɖe nyemenyae be, wotsɔm ɖo fia ɖe Israel nu egbea oa? 24 Eye fia la gblɔ na Simei bena: Mèle kuku ge o! Eye fia la ka atam nɛ. 25 Eye Saul vi Mefiboset va kpe fia la; ke meɖo eƒe afɔ kple ge ɖo o, eye menya eƒe avɔ o tso gbesigbe fia la dzo, vaseɖe gbesigbe wògbɔ le ŋutifafa me. 26 Esi wòva Yerusalem fia la kpe ge la, fia la biae be: Mefiboset, nukaŋuti meyi kplim o? 27 Eɖo ŋu bena: Nye aƒetɔ fia, nye dɔlae blem; elabena wò dɔla gblɔ be: Bla akpa na tedzi nam, ne mado ayi kple fia la, elabena xɔdrɔ̃e wò dɔla nye. 28 Eye wòva zɔ wò dɔla gɔme na nye aƒetɔ fia la; ke nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe ɖɔla ene, eyata wɔ nusi dze ŋuwò! 29 Elabena fofonye ƒemetɔwo katã menye naneke o, negbe kuviwo ko wonye na nye aƒetɔ fia; ke ètsɔ wò dɔla ɖo wò kplɔ ŋu mewo dome; azɔ nya ka gale asinye mava xa nu le eŋu na fia la? 30 Fia la gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nègale nu ƒom ɖe edzi? Megblɔ be, mia kple Ziba miamã agble lɔ! 31 Tete Mefiboset ɖo ŋu na fia la bena: Esi nye aƒetɔ fia la trɔ gbɔ va aƒe le ŋutifafa me ko la, nexɔ wo katã gɔ̃! 32 Gileadtɔ Barsilai hã tso Roglim va, eye eya kple fia wotso Yordan, be yeakplɔe aɖo ɖe Yordan godo. 33 Barsilai ku amegã ɖeɖi xɔ ƒe blanyi; eya kpɔ fia la dzi, esime wònɔ Maxanayim, elabena alɔme le esi ŋutɔ. 34 Eye fia la gblɔ na Barsilai bena: Yi kplim, eye nanɔ gbɔnye, makpɔ dziwò le Yerusalem! 35 Tete Barsilai ɖo ŋu na fia la bena: Ŋkeke nenie megale agbe nɔ ge, ne mayi Yerusalem kple fia la? 36 Ƒe blanyi mexɔ egbe siawo. Ɖe mate ŋu ade vovo nu nyui kple nu manyomanyo domea? Ɖe nusi wò dɔla ɖuna, eye wònona la, gavivia enua? Alo ɖe maganɔ hadzilaŋutsuwo kple hadzilanyɔnuwo ƒe gbe sema? Nukaŋuti wò dɔla anye agba na nye aƒetɔ fia? 37 Ɖeko wò dɔla be, yeakplɔ fia la atso Yordan ʋee. Nukaŋuti fia la be, yeaɖo eteƒe nam ale? 38 Na wò dɔla nagbugbɔ, eye maku ɖe mia de kple fofonye kpakple danye ɖiƒe! Kpɔ ɖa, wò dɔla Kimham neyi kple nye aƒetɔ fia la, eye nawɔ nusi nyo ŋuwò la na! 39 Fia la gblɔ be: Kimham neyi kplim, eye mawo nusi nyo ŋuwò la nɛ, eye nusianu, si nèdi tso asinye la, mawɔe na wò. 40 Eye aʋakɔ blibo la tso Yordan, emegbe fia la hã tsoe. Eye fia la ɖuɖɔ nu na Barsilai heyrae, eye wògbugbɔ yi enɔƒe. 41 Emegbe fia la yi azɔli la dzi heva Gilgal, eye Kimham kpe ɖe eŋu. Yuda ƒe ameha blibo la kplɔ fia la yi, eye Israel-ameha la ƒe afã hã le eme. 42 Eye kpɔ ɖa, Israel-ŋutsuwo katã va fia la gbɔ, eye wogblɔ na fia la bena: Nukaŋuti ma nɔvi Yuda-ŋutsuwo fi wò dzoe, eye wokplɔ fia la kple eƒemetɔwo yi Yordan godo, eye Dawid ƒe ŋutsuwo katã kpe ɖe eŋu? 43 Tete Yuda-ŋutsuwo katã ɖo ŋu na Israel-ŋutsuwo bena: Le esi fia la tsɔ mía gbɔ la tae! Nukaŋuti miele dɔmedzoe dom le nya sia ŋuti? Ɖe mieɖu fia la ƒe nanea? Alo ɖe míexɔ nunana le esia? 44 Israel-ŋutsuwo ɖo ŋu na Yuda-ŋutsuwo bena: Míexɔ akpa ewo le fia gome, eve le Dawid gome hã míawoe nye ŋgɔgbeawo na mi. Nukaŋuti mieɖi gbɔ mí? Alo menye míawoe tre gbɔgblɔ be, míaɖakplɔ miaƒe fía la agbɔe oa? Ke Yuda-ŋutsuwo ƒe nya sẽ wu Israel-ŋutsuwo tɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana