2 Samuel 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Woɖu Absalom dzi, eye Yoab wui. 1 Eye Dawid xlẽ dukɔ la, eye wòɖo amegãwo ɖe ame akpe kple ame alafa nu. 2 Eye Dawid tsɔ aʋakɔ ta ƒe etɔ̃liawo ɖeka de Yoab si, etsɔ etɔ̃liawo ɖeka de Zeruya vi Abisai, si nye Yoab nɔvi la si, eye wòtsɔ etɔ̃liawo ɖeka ɖe Gititɔ Itai si. Eye fia la gblɔ na aʋakɔ la bena: Nye hã mayi kpli mi. 3 Ke aʋakɔ la ɖo ŋu bena: Megayi o; elabena ne míesi la, womabui na mí o, eye ne miaƒe akpa afã ku hã la, womabui na mi o; elabena ele abe mía dome ame akpe ewo ene. Eyata ne axɔ na mi tso dua me la, anyo wu. 4 Fia la gblɔ na wo bena: Mawɔ nusi nyo mia ŋu. Tete fia la tsi tre ɖe agbo la xa, eye aʋakɔ blibo la ho yi alafalafa kple akpeakpe. 5 Eye fia la de se na Yoab kple Abisai kpakple Itai bena: Mikpɔ ɖekakpui Absalom la dzi nam nyuie! Eye aʋakɔ blibo la see, esime fia la le se dem na aʋakplɔlawo katã le Absalom ŋuti. 6 Eye aʋakɔ la ho yi gbedzi, be woakpe Israel; eye ana la ƒe ali le Efrayim-ave me. 7 Dawid ƒe dɔlawo si Israel ƒe aʋakɔ la le afima, eye ame akpe blave sɔŋ tsi le afima gbemagbe. 8 Eye aʋa la kaka tso afima ɖe anyigba blibo la dzi, eye amesiwo tsi ave si la sa gbɔ wu esiwo tsi yi nu gbemagbe. 9 Eye Absalom va ƒo go Dawid ƒe dolawo Absalom do tedzisɔ, eye tedzisɔ la va to klẽti gãa ɖe, si vu alo dranyi la te, eye eƒe ta tsi klẽti la ŋu, eye wòle nyenyem le anyigba kple dziƒo dome; ke tedzisɔ la do le ete dzo. 10 Eye ŋutsua ɖe kpɔe va gblɔ na Yoab bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽtia ɖe ŋu. 11 Tete Yoab gblɔ na ŋutsu, si va gblɔe ne, bena: Kpɔ ɖa, esi nèkpɔe la, nukaŋuti mèda nui ƒu anyi ɖe afima oa? Anye ne mana klosalo ewo kple alidziblanu ɖeka wò! 12 Ŋutsu la ɖo ŋu na Yoab bena: Ne woxlẽ klosalo akpe ɖeka ɖe asi me nam hã la, nyemaɖe asi fiavi la ŋu o; elabena fia la de se na mia kple Abisai kpakple Itai miese bena: Mikpɔ ɖekakpui Absalom la dzi nam nyuie! 13 Ɖe wònye ɖe mewo nane ɖe eŋu le adza me la, anye ne atro ʋu le yonyeme, elabena naneke meɣlana ɖe fia la o. 14 Tete Yoab gblɔ bena: Nyematɔ ɖe gbɔwò didie o! Eye wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi ɖatɔ Absalom ƒe dzinu; ke esi wogale agbe le klẽtia ŋu ko la, 15 ɖekakpui ewo, siwo nye Yoab ƒe adekplɔviwo la, va ɖe to ɖee, eye woda nui woku 16 Tete Yoab ku kpẽ, eye aʋakɔ la trɔ le Israel yome; elabena Yoab na aʋakɔ la to te. 17 Eye wotsɔ Absalom ƒu gbe ɖe do gãa ɖe me le avea me, eye wofa kpe li ko gãa ɖe ɖe edzi, eye Israel blibo ta dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me. 18 Ke esi Absalom le agbe la, eɖo kpea ɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsua ɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ vaseɖe egbe be Absalom ƒe ŋkuɖodzikpe. Kusi ƒe ami dɔdɔwo. 19 Eye Zadok vi Aximaaz gblɔ bena: Maƒu du ahe du ayi na fia la bena, Yehowa tso afia nɛ le eƒe futɔwo si me. 20 Tete Yoab gblɔ nɛ bena: Mèle du nyuia ɖeke he ge ayii egbea o, ɣebubuɣi hã ahe du ayii xoxo; ke megahe dua ɖeke yii egbea o, elabena fiavi la ku! 21 Eye Yoab gblɔ na Kusitɔ la bena: Yi ɖagblɔ nusi nekpɔ la, na fia la! Tete Kusitɔ la bɔbɔ de Yoab ŋku me, eye wòƒu du yi. 22 Ke Zadok vi Aximaaz gaxɔ edzi gblɔ na Yoab bena: Ne edze agbodo ʋuu hã, maƒu du adze Kusitɔ la yome! Yoab gblɔ bena: Vinye, nukaŋuti nèbe, yeaƒu du ayi, esi amea ɖeke mele dɔtsɔho xe ge na wò oa? 23 Ne edze agbodo ʋuu hã la, mele yiyi ge! Eye wògblɔ ne bena Heyi! Tete Aximaaz to tagbamɔ tre dede na Kusitɔ la. 24 Dawid bɔbɔ nɔ agbo eve dome, eye dzɔla de agbo, si le glia ŋu la ta me. Eye esi wòfɔ kɔ dzi la, ekpɔ ŋutsu ɖeka koliaa ɖe le ɖu dzi gbɔna ɖa. 25 Tete dzɔla la gblɔe na fia la. Eye fia la gblɔ bena: Nenye eya ɖekae la, ekema gbe nyuia ɖe le eŋu. Eye esi wòle ɖu dzi le aƒe tum la, 26 agbonudzɔla la gakpɔ ŋutsu bubu le du ƒum, eye agbonudzɔla la do ɣli ɖo ɖe agbo la me bena: Kpɔ da, ŋutsu ɖeka koliaa ɖe le du dzi gbɔna! Tete fia la gblɔ be: Eya hã he gbe nyuia ɖe ɖe asi. 27 Eye dzɔla la gblɔ bena: Ame gbãtɔ ƒe duƒuƒume ɖi Zadok vi Aximaaz tɔ. Tete fia la gblɔ bena: Ame nyui wònye, eye gbe nyui wòbe gbɔnae. 28 Eve Aximaaz do ɣli gblɔ na ba la bena: Ŋutifafa! Eye wobɔbɔ de ta agu ɖe fia la ŋku me gblɔ bena: Woayra Yehowa, wò Mawu, si tsɔ ŋutsu, siwo do woƒe asi ɖe dzi ɖe nye aƒetɔ fia ŋu la, de asi! 29 Fia la gblɔ be: Ɖekakpui Absalom li sesiea? Aximaaz ɖo ŋu bena: Mekpɔ zitɔtɔ gãa ɖe, esime Yoab dɔ fia ƒe dɔla kple wò dɔla, ke nyemenya nusi dzɔ o. 30 Fia la gblɔ be: Te ɖe aga, eye natsi tre ɖe afi! Tete wòle ɖe aga, eye wòtsi tre ɖi. 31 Eye kpɔ ɖa, Kusitɔ la va, eye Kusitɔ la gblɔ bena: Mehe gbe nyui vɛ na nye aƒetɔ fía, elabena Yehowa tso afia na wò tso amesiwo katã tsi tre ɖe ŋuwò la si me egbe 32 Fia la gblɔ na Kusitɔ la bena: Ɖekakpui Absalom li sesiea? Kusitɔ la ɖo ŋu bena: Ava me na nye aƒetɔ fía ƒe futɔwo kple amesiwo katã tsi, tre ɖe ŋuwò, be woawɔ vɔ̃ wò la, abe alesi wova me na ɖekakpui la ene! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana