2 Samuel 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wodo vlo Axitofel ƒe aɖaŋu; eku vindoku. 1 Eye Axitofel gblɔ na Absalom bena: Na maɖu ŋutsu akpe wuieve, ne matso adze Dawid yome le zã sia me, 2 eye mado ɖe edzi, esime ɖeɖi te eŋu, eye eƒe alɔwo gbɔdzɔ; eye mado voɖi nɛ, ale be ameha blibo, si le eŋu la nasi, eye mawu fia la ɖeɖe, 3 eye makplɔ ameha blibo la vɛ na wò! Ne wo katã gbugbɔ va, eye amesi dim nèle to le eme la, ekema dukɔ blibo la anɔ anyi le ŋutifafa me. 4 Nya la dze Absalom kple Israel-ame tsitsiwo katã ŋu. 5 Tete Absalom gblɔ bena: Miɖayɔ Xusai, Arkitɔ la, hã ve, ne míase gbe, si le eya hã nu! 6 Esi Xusai va Absalom gbɔ la, Absalom gblɔ nɛ bena: Ale Axitofel ƒo gbe lae enye si; ɖe míawɔ eƒe gbe dzi loo? Ne míawɔe o la, ekema ƒo nu! 7 Xusai gblɔ na Absalom bena: Adaŋu, si Axitofel ɖe fifia la, menyo o. 8 Eye Xusai gblɔ bena: Enya fofowò kple eƒe amewo be, kalẽtɔwo wonye, eye aɖa le mo na wo abe sisiblisi, si ŋu wole viwo la le gbedzi ene. Aʋame hãe fofowò nye, eye mana ameha la natsi adɔ o. 9 Kpɔ ɖa, eɣla ɖe doa wo dometɔa ɖe me alo ɖe teƒea wo dometɔa ɖe, eye ava me, ne amewo de asi aʋatsitsi me le gɔmedzedzea me la, ekema woasee agblɔ be: wosi aʋakɔ, si kplɔ Absalom ɖo: 10 eye dzi aɖe le kalẽtɔ kekeake, amesi ƒe dzi le abe dzata ƒe dzi ene la, hã ƒo; elabena Israel blibo la nyae be, fofowò nye kalẽtɔ, eye amesiwo katã le eŋu, nye ŋutsuwɔlawo. 11 Ke nye aɖaŋu enye si: Na Israel blibo la nakpe la ɖe ŋuwò tso Dan vaseɖe Beer-Seba, abe alesi ƒutake sɔ gbɔe ene, eye wò ŋutɔ naho kpli wo! 12 Míado ɖe edzi le teƒeawo dome oa ɖe, afisi wòle, eye míaƒe ɖe edzi, abe alesi zãmu dzana ɖe anyigba dzi ene; eye eya ŋutɔ kple amesiwo katã le eŋu la, dometɔ ɖeka hɔ̃ hã makpɔtɔ o. 13 Eye ne ede megbe yi dua ɖe me la, ekema Israel blibo la nado ka atsɔ du ma ɖe eme, eye míahee aɖakɔ ɖe, abu me, vaseɖe esime kpekula ɖeke matsi afima o! 14 Tete Absalom kple Israel-ŋutsuwo katã gblɔ bena: Xusai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Axitofel ƒe aɖaŋu! Ke Yehowae ɖoe, be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me; elabena Yehowa be, yeahe dzɔgbevɔ̃e ava Absalom dzi. 15 Eye Xusai gblɔ na nunɔla Zadok kple Abyatar bena: Ale kple ala Axitofel ɖo aɖaŋu na Absalom kple Israel-ame tsitsiwo enye si, eye ale kple ale meɖo aɖaŋu enye si. 16 Eyata nètsɔ, mido ame ɖo ɖa, ne woaɖagblɔ na Dawid bena: Megatsi tɔtsoƒe da le gbea dzi o, ke boŋ yi taa godo, ne womagatsrɔ̃ fia lã kple ameha, siwo katã le eŋu la o! 17 Eye Yonatan kple Aximaaz wonɔ Rogel-vudo la gbɔ. Eye dɔlanyɔnua ɖe hea gbe yinae na wo woɖagblɔna na fia Dawid be: womekpɔ mɔ ayi dua me o, elabena woava kpɔ wo. 18 Ke ŋutsuvia ɖe kpɔ wo, eye wòva gblɔe na Absalom. Tete woa kple eve la ƒu du kaba yi ŋutsua ɖe ƒe me le Baxurim, amesi ɖe vudo ɖe eƒe xɔxɔnu, eye woyi ɖe eme. 19 Ke nyɔnua ɖe tsɔ avɔ keke ɖe vudo la nu, eye wòsia bli gbagbã ɖe edzi, be womagadze sii o. 20 Eye Absalom ƒe dɔlawo va nyɔnu la gbɔ le aƒea me hebia bena: Afika Aximaaz kple Yonatan wole? Nyɔnu la ɖo ŋu na wo bena: Woyi to la godo. Eye esi wodi wo, eye womekpɔ wo o la, wogbugbɔ va Yerusalem. 21 Eye esi wodzo la, wodo le vudoa me yi ɖagblɔe na fia Dawid. Eye wogblɔ na Dawid bena: Mitso, ne miatso toa kaba: elabena ale Axitofel de adaŋu ɖe nua ŋu enye si! 22 Tete Dawid kple ameha, siwo katã le eŋu la, tsi tre, eye wotso Yordan; ame ɖeka hã hã mekpɔtɔ, si metso Yordan hafi ŋu ke o. 23 Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me. 24 Ke Dawid va Maxanayim, esime Absalom kple Israel-ŋutsu, siwo katã le eŋu la, tso Yordan. 25 Eye Absalom tsɔ Amasa ɖo aʋakɔ la nu ɖe Yoab teƒe; Amasa enye Ismael-ŋutsu, si ŋkɔ nye Yitra, amesi ɖɔ Nahas vinyɔnu Abigal, si nye Yoab dada, Zeruya nɔvinyɔnu gbɔ la ƒe vi. 26 Eye Israel kple Absalom ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead-nyigba dzi. 27 Eye wòva me, esime Dawid va Maxanayim la, tete Nahas vi Sobi tso Amon-viwo ƒe Raba, kple Amiel vi Maxir tso Lo-Debar kpakple Gileadtɔ Barzilai tso Roglim 28 wohe abawo, trewo, zewo, lu kple ƒo, wɔ kple bli tɔtɔe, gbagbayi, atiyi kple numeewo, 29 anyitsi, notsi kpẽke, alẽwo kple nyinɔkesuwo vɛ na Dawid kple ameha, si le eŋu, be woaɖu; elabena wogblɔ be: Dɔ wu ameha la, ɖeɖi te eŋu, eye tsikɔ wui le gbea dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana