Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Absalom ƒe agudzedze.

1 Esia megbe la Absalom di tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui hekpe ɖe ŋutsu blaatɔ̃, siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ la ŋu.

2 Eye Absalom fɔna ŋdi kanya ɖatsia tre ɖe agbo la ƒe mɔ to; eye wòva me, ne amesiame tsɔ dzrenyaa ɖe yina ɖe fia gbɔ, be woadrɔ̃ la, Absalom yɔne hebianɛ be: Du ka me nètso? Ne ame la ɖo ŋu be: Wò dɔla tso Israel-toawo dometɔ ɖeka me la,

3 Absalom gblɔna nɛ bena: Wò nya le eme, eye wodzo, ke fiahawo dometɔa ɖeke mele to do ge wò o.

4 Eye Absalom gblɔ bena: Ɖe wònye amea ɖee atsɔm aɖo ʋɔnudrɔ̃la ɖe anyigba la dzi, eye amesiame ahe dzrenya kple ʋɔnudrɔ̃nya ava gbɔnyee la, ne matso afia ne!

5 Eye wòva me, ne amea ɖe te ɖe eŋu be, yeabɔbɔ ne la, edoa eƒe asi ɖa lénɛ, eye wògbugbɔa nu nɛ.

6 Alea Absalom wɔ na Israel blibo, si va ʋɔnu drɔ̃ ge le fia la gbɔ, eye Absalom fi Israel-ŋutsuwo ƒe dzi.

7 Le ƒe ene megbe la Absalom gblɔ na fia la bena: Taflatse, na mayi adawɔ nye adzɔgbe, si meɖe na Yehowa la dzi le Xebron.

8 Elabena esi menɔ Gesur le Aram la, wò dɔla ɖe adzɔgbe bena: Ne Yehowa gakplɔm yi Yerusalem la, ekema miasubɔ Yehowa.

9 Fia gblɔ nɛ bena: Yi le ŋutifafa me! Tete wòdze mɔ heyi Xebron.

10 Eye Absalom dɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Israel-toawo katã me bena: Ne kpẽ ɖi miese la, ekema migblɔ be: Absalom zu fia le Xebron!

11 Eye ŋutsu alafa eve kpe ɖe Absalom ŋu tso Yerusalem, amesiwo wokpe woyi takplaɖu, womenya naneke le eŋu o.

12 Eye esi Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Dawid ƒe adaŋudela Gilonitɔ Axitofel, le wo de Gilo. Eye nugbeɖoɖo la nu le sesẽm, eye ameha, si le Absalom ŋu la, le agbɔ sɔm de dzi.


Dawid ƒe atsi.

13 Eye amea de va toe na Dawid gblɔ bena: Israel-ŋutsuwo ƒe dzi trɔ ɖe Absalom ŋu.

14 Tete Dawid gblɔ na eƒe dɔla, siwo katã le eŋu le Yerusalem la bebena: Mitso, ne miasi; elabena mía dometɔa ɖeke makpɔtɔ le Absalom ŋku me o! Netsɔ, mídzo, ne eƒe afɔ nagatsɔ wòabi mi, eye wòahe dzogbevɔ̃e ava mia dzi, eye woatsrɔ̃ du la kple yi o!

15 Fia ƒe dɔlawo ɖo ŋu na fia la bena: Wò dɔlawo nye si, alesi dzi míaƒe aƒetɔ fia nya xɔ ɖo ko!

16 Tete fia la dzo, eye eƒemetɔwo katã kplɔe ɖo, eye fia la gblẽ ahiã ewo ɖe megbe, ne woakpɔ aƒea dzi.

17 Ale fia la dzo, eye ameha blibo la kplɔe ɖo va tɔ ɖe xɔ mlɔea gbɔ.

18 Eƒe dɔlawo katã le exa le yiyim, eye Kretitɔwo kple Pletitɔwo katã kpakple Gatitɔ alafa ade, siwo katã dze eyome tso Gat la, zɔ fia la ŋgɔ.

19 Eye fia la gblɔ na Gatitɔ Itai bena: Nukaŋuti wò hã nèbe, yeayi kpli mí? Trɔ, yi ɖanɔ fia la gbɔ; elabena du bubu me tɔ nènye, eyata gbugbɔ yi nɔwòƒe!

20 Etsɔ nèva, eye egbe ko mana nana tsaglalã tsam kpli mia? Nye la meyina, afisi menya kpɔ ko; mia kple nɔviwòwo migbubɔ, eye amenuveve kple nyateƒe anɔ kpli wò!

21 Ke Itai ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple nye aƒetɔ fia ƒe agbe: Afisi nye aƒetɔ fia ano la, afima eƒe dɔla anɔ, eɖanye ku me alo agbe me o!

22 Dawid gblɔ na Itai bena: Yi kpli mí! Ale Gatitɔ Itai kple eƒe amewo katã kpakple ɖevi, siwo katã le eŋu la, yi kplii.

23 Eye anyigba blibo la fa avi hoo, esi ameha blibo la tso me yi. Esi fia la tso Kidron-tɔʋua la, ameha blibo la dze ŋgɔ to mo, si ɖo ta gbedzi.

24 Eye kpɔ ɖa, Zadok hã kple Lewito, siwo katã le eŋu la, tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la, eye wodro Mawu ƒe aɖaka la ɖi, vaseɖe esime ameha blibo la tso dua me va to eŋu yi vɔ; eye Abyatar hã yi

25 Ke fia la gblɔ na Zadok bena: Gbugbɔ Mawu ƒe aɖaka la yi dua mee! Ne Yehowa ve nunye la, ekema akplɔm agbɔe, eye wòana makpɔe kple afisi wòle

26 Gake ne egblɔ be, nye nu menyo ye ŋu o la, nyee nye esi, newɔm, alesi dze eŋu!

27 Eye fia la gblɔ na nunɔla Zadok bena: Wòe nye nukpɔla, gbugbɔ yi dua me le ŋutifafa me, eye mia viwo kple eve nakpe ɖe mia ŋu: viwò Aximaaz kple Yonatan, Abyatar vi.

28 Mikpɔ ɖa, manɔ totsoƒewo le gbedzi, vaseɖe esime gbea ɖe atso mia gbɔ ava nam.

29 Tete Zadok kple Abyatar wogbugbɔ Mawu ƒe aɖaka la va Yerusalem, eye wonɔ afima.

30 Eye Dawid lia amiti-togbɛ la, eye wòle avi fam le yiyim; etsyɔ nu ta, eye wòzɔ afɔ ƒuƒlu; ameha blibo, si le eŋu la, dometɔ ɖesiaɖe tsyo nu ta, eye wolia to la hele avi fam le yiyim.

31 Eye wova gblɔ na Dawid bena: Axitofel le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu! Tete Dawid gblɔ bena: Yehowa, meɖe kuku, na Axitofel ƒe adaŋudede nazu lãnya!

32 Esi Dawid va ɖo toa ta me, afisi woɖoa gbe ɖa na Mawu le la, kpɔ ɖa, Xusai, Arkitɔ la, le awu vuvu me, eye ke le ta me nɛ wòva kpee.

33 Dawid gblɔ nɛ bena: Ne ayi azɔlia dzi kplim la, ekema ava zu agba nam;

34 ke ne ègbugbɔ yi dua me, eye negblɔ na Absalom be: Fia, medi be, mazu wò dɔla; fofowò ƒe dɔla menye tsã, ke azɔ mebe, mazu wò dɔla la, ekema àte ŋu agblẽ Axitofel ƒe adaŋudede me nɛ nam.

35 Nunɔla Zadok kple Abyatar hã le afima kpe ɖe ŋuwò; eyata ne èse nya sia nya le fia ƒe me ko la, nadagblɔe na nunɔla Zadok kple Abyatar.

36 Kpɔ ɖa, wo vi eveawo le wo gbɔ le afima: Aximaaz, Zadok ta, kple Yonatan, Abyatar ta; eye miɖe nya sia nya, si miese la, wo si ɖo ɖem!

37 Eye Dawid xɔlɔ̃ Xusai va dua me, esime Absalom hã va Yerusalem.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan