Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Amnon ƒe nuvɔ̃ kple ku.

1 Esia megbe la Dawid vi Absalom nɔvinyɔnu Tamar, si dze tugbe la, ƒe nu lé dzi na Dawid vi Amnon.

2 Eye wòve Amnon, vaseɖe esime wòzu da dze edzi le nɔvianyɔnu Tamar ta, elabena ɖetugbi wònye, eye Amnon menya alesi gɔ̃ woawɔ awɔ nane kplii o.

3 Xɔlɔ̃a ɖe le Amnon si, eŋkɔ nye Yonadab, Dawid nɔvi Simea vi; eye Yonadab dze aɖaŋu ŋutɔ.

4 Eye wògblɔ nɛ bena: Fia vi, nukaŋuti nèle ku ɖim gbesiagbe ale? Màgblɔe nam oa? Tete Amnon gblɔ nɛ bena: Absalom nɔvinyɔnu Tamar ƒe nue lé dzi nam.

5 Eye Yonadab gblɔ ne bena: Yi ɖamlɔ wò aba dzi, eye nalé kpɔ̃dɔ; eye ne fofowò va kpɔ wò ge ɖa la, ekema gblɔ ne bena: Na nɔvinye Tamar nava na nuɖuɖum! Ne eva ɖa nua le ŋkunye me mekpɔ la, ekema maɖu nua le esi me.

6 Eye Amnon mlɔ anyi le kpɔ̃dɔ lém, eye esi fia la va ekpɔ ge ɖa la, Amnon gblɔ na fia la bena: Na nɔvinyenyɔnu Tamar nava to tatali eve te ŋkunye me, ne wòalé ɖe asi maɖu!

7 Tete Dawid ɖo ame ɖe Tamar ƒe me be, woagblɔ nɛ be: Yi nɔviwò Amnon ƒe me, eye naɖa nu ne!

8 Eye Tamar yi nɔvia Amnon ƒe me, esime wòmia anyi. Eye wòka amɔwɔ, blui, eye wòmlii heta tataliawo le eŋku me.

9 Eye wòtree le nutɔgba me le eŋku me: ke egbe be, yemaɖu nua o. Eye Amnon gblɔ bena: Na amesiame nado le gbɔnye! Tete amesiame do le egbɔ.

10 Azɔ Amnon gblɔ na Tamar bena: Tsɔ nuɖuɖua va xogã me, ne nalée ɖe asi maɖu! Eye Tamar tsɔ tatali, si wòtɔ la, yi na nɔvia Amnon le xɔgã me.

11 Esi wòtsɔe nɛ, be woaɖu la, elée gblɔ nɛ bena: Nɔvinyenyɔnu, va mlɔ gbɔnye!

12 Ke eɖo ŋu bena: Kpao, nɔvinye! Megagblẽm o, elabena womewɔna alea le Israel o! Megawɔ ŋukpenanu sia o!

13 Ke nye ɖe, afika mayi kple nye ŋukpe la? Eye wòabu wò ɖe ŋukpenanuwɔlawo dome le Israel. Ƒo nu kple fia la, elabena matem wò o!

14 Ke egbe toɖoɖo eƒe gbe, eye wòlée zi edzi hegblẽe.

15 Ke azɔ Amnon lé fui vevie ŋuta, ele fui wu alesi wòlɔ̃e tsã gɔ̃ hã. Eye Amnon gblɔ ne bena: Tsi tre, nadzo!

16 Eɖo ŋu ne bena: Megawɔe o, elabena esi nèle nyãyem la, eya vɔ̃ɖi ɖe dzi wu nusi ne wo ɖe ŋunye gbã! Ke egbe toɖoɖoe.

17 Eye wòyɔ ɖekakpui, si le esubɔm la ɖa, gblɔ bena: Mihe amesia do goe le gbɔnye do ɖe mɔ dzi, eye mido nɔa ɖe emegbe!

18 Edo awu ʋlayaa ɖe; elabena alea fia vinyɔnu, siwo nye ɖetugbiwo la, doa awui tso blema ke. Eye eƒe dɔla hee do goe do ɖe ma dzi hedo oa ɖe emegbe.

19 Eye Tamar ku afi kɔ ɖe ta me, eye wòdze awu ʋlaya, si wòdo la, eye wòkpla asi ta le boboe dom le yiyim.

20 Tete nɔvia Absalom gblɔ nɛ bena: Ɖe nɔviwò Amnon va gbɔwòa? Nɔvinye, zi ɖoɖoe; elabena nɔviwòe! Megana nya sia natɔ dzi na wò o! Eye Tamar nɔ aga le nɔvia Absalom ƒe me.

21 Esi fia Dawid se nya siawo katã la, eku dzi ne ŋutɔ.

22 Ke Absalom megblɔ nya vɔ̃ alo nyuia ɖeke na Amnon o; elabena Absalom lé fu Amnon, le esi wogblẽ nɔvianyɔnu Tamar ta.

23 Eye wòva me le ƒe eve megbe, esime Absalom le fu kom na alẽwo le Baal-Xazor, si le Efrayim gbɔ la, Absalom kpe fia viŋutsuwo katã.

24 Eye Absalom va fia la gbɔ gblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ɖɔla le fu kom na alẽwo, taflatse, fia la kple eƒe dɔlawo neyi kple eƒe dɔla!

25 Fia la gblɔ na Absalom bena: Gbeɖe, vinye! Megana mí katã míayi o, ne míaganye agba na wò o! Eye wòƒoe ɖe enu; ke egbe be, yemayi o, eye wòyrae.

26 Eye Absalom gblɔ bena: Ne mèlɔ̃ o la, ekema na nɔvinye Amnon nayi kpli mi dzro! Fia la ɖo ŋu nɛ bena: Nukata wòayi kpli wòa?

27 Ke Absalom ƒoe ɖe enu, eye wòdɔ Amnon kple fia viŋutsuawo katã kpe ɖe eŋu.

28 Eye Absalom de se na eƒe ɖekakpuiwo bena: Miɖo ŋku anyi; ne wein na Amnon le dzidzɔ kpɔm, eye megblɔ na mi be: miwu Amnon la, ekema miwui, eye migavɔ̃ o; esi wònye nyee de se na mi ɖe! Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu!

29 Eye Absalom ƒe ɖekakpuiawo wɔ Amnon, abe alesi Absalom de se ene. Tete fia viŋutsuawo katã tsi tre, eye wo dome amesiame do eƒe tedzi hesi.

30 Esi wole mɔ dzi la, nya la ɖi Dawid se be: Absalom wu fia viŋutsuawo katã, eye wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mekpɔtɔ o!

31 Tete fia la tsi tre dze eƒe awuwo, eye wòmia anyigba, eye eƒe dɔlawo katã le tsitre le awu vuvuwo me.

32 Ke Yonadab, Dawid nɔvi, Simea ƒe vi, xɔ dzi gblɔ bena: Nye aƒetɔ megabu be, wowu ɖekakpuiviawo katã, siwo nye fia viwo la o, ke boŋ Amnon ɖeɖe koe ku; elabena Absalom ƒe nu me nya la tso, wòɖoe tso gbesigbe wògblẽ nɔvianyɔnu Tamar.

33 Eyata nye aƒetɔ fia megana nya sia naɖu dzi nɛ be, fiaviŋutsuawo katãe ku o, ke boŋ Amnon ɖeɖe koe ku.


Absalom ƒe sisi.

34 Ke Absalom si. Eye ɖekakpui, si nye dzɔla la, fi ka dzi, eye wòkpɔ bena, ameha gãa ɖe le mɔ dzi to emegbe tso to la ƒe axa dzi gbɔna.

35 Tete Yonadab gblɔ na fia la bena: Kpɔ ɖa, fia viŋutsuawo gbɔna; alesi wò dɔla gblɔ la, nenema wòle.

36 Esi wòɖe nu le nyaa me la, tete fia viŋutsuawo do, eye wofa avi kple ɣli, eye fia la kple eƒe dɔlawo katã hã gba avi doo.

37 Ke Absalom si yi Gesur-fia Talmai, Amihud vi gbɔ. Eye Dawid fa na via ɣeyiɣi blibo la.

38 Eye Absalom si yi Gesur ɖatsi afima ƒe etɔ̃.

39 Ke ele fia Dawid dzrom vevie be, yeatsɔe ake Absalom; elabena eƒe akɔ fa le Amnon, si ku la ta.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan