2 Samuel 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Natan ƒe dzimetɔtrɔ nyagbɔgblɔ. 1 Tete Yehowa dɔ Natan ɖo ɖe Dawid, eye wòva egbɔ gblɔ nɛ bena: Ŋutsu eve wole du ɖeka me, ɖeka kpɔ ho, ke ɖeka ɖo ko. 2 Alẽ kple nyiwo le kesinɔtɔ la si fũ. 3 Ke naneke mele ame dahe la si o, negbe alẽvi sue ɖeka, si wòƒle la ko; eye wònyii wòtsi kple viawo le egbo. Eɖua eƒe nu alɔgomedede la ƒe ɖe, eye wònoa tsi le eƒe tre nu, edoa alɔ̃ ɖe eƒe akɔ nu, eye wòle nɛ abe vianyɔnu ene. 4 Ke esi mɔzɔlaa ɖe va dze kesinɔtɔa la, eƒe alẽwo kple nyiwo dometɔ ɖeka lelé ɖa na amedzro, si va dze egbɔ la vee, eye wòlé ame dahe la ƒe alẽvia heɖa na ŋutsu, si va dzee. 5 Tete dzi ku Dawid vevie ɖe ŋutsu la ŋu, eye wògblɔ na Natan hena: Meta Yehowa ƒe agbe, ŋutsu, si wo nusia la, dze ku; 6 eye wòaɖo alẽvi la teƒe zi ene, le esi wòwɔ nusia, eye ame ƒe nu mevee o ta. 7 Tete Natan gblɔ na Dawid bena: Wòe nye ŋutsu la! Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia wò ɖe Israel nu, eye meɖe wò tso Saul si me; 8 mede wò aƒetɔ ƒe aƒe asi na wò, eye metsɔ wò aƒetɔ srɔ̃wo ɖo wò akɔ nu; metso Israel kple Yuda ƒe aƒe la na wò, eye ne esia mesɔ gbɔ o la, mate ŋu atsɔ nu bubu akpee na wò le mɔ vovovowo dzi hafi. 9 Nukaŋuti nèdo vlo Yehowa ƒe gbe hewɔ nu vɔ̃ɖi sia le eƒe ŋku me? Ewu Uriya, Xititɔ la, kple yi, eye nèxɔ srɔ̃a ɖe; ke ètsɔ Amon-viwo ƒe yi wu eya ŋu tɔe. 10 Eyata yi madzo le aƒewò me gbeɖe o, le esi nèɖo vlom, eye nèxɔ Uriya Xititɔ la srɔ̃ ɖe ta. 11 Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana dzɔgbevɔ̃e natso aƒewò me ava dziwò, eye maxɔ srɔ̃wòwo le ŋkuwò me atsɔ na xɔ̃wòvi, eye wòadɔ srɔ̃wòwo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ. 12 Wòa èwɔe le bebe me, ke nye la mawɔ nusia le Israel blibo la ŋku me le ŋdɔ. Dawid nu eƒe nuvɔ̃ me, eye wotsɔe kee. Salomo dzidzi. 13 Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o. 14 Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku. 15 Emegbe Natan yi aƒe me. Eye Yehowa ɖe fu na ɖevi, si Uriya srɔ̃ dzi na Dawid la, eye wòle ɖa lém vevie. 16 Ke Dawid ƒo koko na Mawu le ɖevi la ta, eye Dawid tsi nu da, eye wòtsi anyigba da. 17 Eye eƒe me amegãwo va egbɔ, be ye woa fɔe le anyigba; ke melɔ̃ o, eye meɖu nu kpli wo o. 18 Le ŋkeke adreagbe la ɖevi la ku. Eye Dawid ƒe dɔlawo le vɔvɔ̃m be, woagblɔ nɛ be, ɖevi la ku; elabena wogblɔ be: Kpɔ ɖa, esi ɖevi la gale agbe, eye míeƒo nu kplii la, egbe toɖoɖo míaƒe gbe; ɖe mawɔ nu vevia ɖe eɖokui, ne míegblɔ nɛ be, ɖevi la ku oa? 19 Esi Dawid kpɔ be, eƒe dɔlawo le dalĩ dom la, Dawid dze sii bena, ɖevi la ku. Eye Dawid bia eƒe dɔlawo bena: Ɖe ɖevi la kua? Woɖo ŋu bena: Eku. 20 Tete Dawid tsi tre tso anyigba, eye wòle tsi, si ami heɖo li eƒe awuwo, eye wòyi Yehowa ƒe me hede ta agu; emegbe wòva eƒe me, eye wòbia be, woatsɔ nuɖuɖu aɖo ye kɔ me, eye wòɖu nu. 21 Eƒe dolawo gblɔ nɛ bena: Nuka nye si newɔ? Esi ɖevi la gale agbe la, etsi nu do, eye nefa avi; ke esi ɖevia ku la, ètsi tre, eye nèɖu nua? 22 Eɖo ŋu bena: Esi ɖevi la le agbe la, metsi nu dɔ, eye mefa avi; elabena mebu be, ɖewohĩ Yehowa ave nunye, be ɖevi la natsi agbe. 23 Ke azɔ esi wòku la, nukata matsi nu adɔa? Ɖe mate ŋu agagbugbɔe agbɔea? Nye koe ayi egbɔ, ke eya magatrɔ ava gbɔnye o. 24 Eye Dawid fa aka na srɔ̃a Bat-Seba; eye wòyi ɖadɔ egbɔ, eye wòdzi ŋutsuvi, si wòna ŋkɔe be Salomo; eye Yehowa lɔ̃ eƒe nya. 25 Eye wotsɔe ɖe asi na nyagblɔɖila Natan, amesi na ŋkɔe le Yehowa ta be Yedidya. Raba-du xɔxɔ. 26 Eye Yoab wo aʋa kple Amon-viwo ƒe Raba, eye wòxɔ fiadu la. 27 Tete Yoab da amewo ɖo ɖe Dawid gblɔ bena: Mewɔ aʋa kple Raba, eye mexɔ tɔ ŋu du la hã. 28 Eyata ƒo aʋakɔ, si kpɔtɔ la, nu ƒu, eye naɖe to ɖe dua axɔe, ne nyea magaxɔe, eye woayɔ nye ŋkɔ ɖe eŋu o! 29 Tete Dawid ƒo aʋakɔ blibo la nu ƒu yi Raba, eye wòwɔ aʋa kplii hexɔe. 30 Eye wòɖe fiakuku la le woƒe fia ta; eƒe kpekpeme le sika talento ɖeka, eye kpe xɔasi le eŋu, eye Dawid tsɔe ɖɔ. Aboyonu, siwo wotsɔ tso dua me gbɔe la, sɔ gbɔ ŋutɔ. 31 Eye wòkplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo kple tasiaɖam, siwo wotsɔna ƒoa lui ƒe dowo, fíadɔwo kple kpememedɔwo nu. Alea wòwɔ Amon-viwo ƒe duwo katã me tɔwoe. Eye Dawid kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana