2 Samuel 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid wɔ ahasi, eye wokɔ ʋu ɖi. 1 Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi do edzi la, Dawid dɔ Yoab kple eƒe dɔlawo kpakple Israel blibo la, eye wotsrɔ̃ Amon-viwo heɖe to ɖe Raba; ke Dawid tsi Yerusalem. 2 Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ. 3 Tete Dawid do woyi ɖabia nyɔnu la gome se, eye wogblɔ bena: Eya nye Eliam ƒe vinyɔnu Bat-Seba, Uriya, Xititɔ la srɔ̃! 4 Eye Dawid do ame woyi ɖakplɔe vɛ, eye esi wòva egbɔ la, ede asi eŋu. Esi nyɔnu la kpala ɖinu la le eɖokui ŋu vɔ la, etrɔ yi eƒe me. 5 Eye nyɔnu la fɔ fu, eye wòdo woyi ɖagblɔ na Dawid bena: Mefɔ fu. 6 Tete Dawid do ame do de Yoab bena: Ɖo Uriya, Xititɔ la dem! Eye Yoab ɖo Uriya de Dawid. 7 Eye esi Uriya va egbo la, Dawid bia bena. Yoab doa, aʋakɔ la doa, aleke aʋa la le edzi yimi? 8 Dawid gagblɔ na Uriya bena: Yi aƒewò me, ne naklɔ afɔ! Tete Uriya do le fia ƒe me, eye fia ƒe nunana dze eyome. 9 Ke Uriya tsi eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo katã gbɔ dɔ le fia ƒe agbo nu, eye meyi eƒe me o. 10 Eye wova gblɔ na Dawid bena: Uriya meyi eƒe me o. Tete Dawid gblɔ na Uriya bena: Alo menye mɔ dzi nètso gbɔ oa? Nukaŋuti meyi aƒewò me o? 11 Uriya ɖo ŋu na Dawid bena: Aɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me, nye aƒetɔ Yoab kple nye aƒetɔ ƒe dolawo ƒu asaɖa anyi ɖe tagba, eye nyea mayi aƒenye me, aɖu nu, ano nu ahadɔ srɔ̃nye gbɔa? Meta wò amea kple wò agbe siaa, ne mawɔ nusia fi! 12 Dawid gblɔ na Uriya bena: Tsi afisia egbea hã, etsɔ la mado mɔ wò! Eye Uriya tsi Yerusalem gbemagbe kple ŋu, si ke ɖe eyome hã. 13 Eye Dawid kpee wòva ɖu nu no nu le egbɔ, eye wòna ahae wòno mu. Le fiẽ la edo yi ɖamlɔ eƒe aba dzi le eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo gbɔ; ke meyi eƒe me o. 14 Esi ŋu ke la, Dawid ŋlɔ agbalẽ ɖe Uriya si ɖo ɖe Yoab. 15 Ale wòŋlɔ ɖe agbalẽa me enye si: Miɖe Uriya ɖo ŋgɔ, afisi aʋa la nu sẽ le, eye miɖe megbe le eŋu, ne wòatsi aʋa! 16 Eye wòva me, esi Yoab ɖe to ɖe dua la, eɖe Uriya ɖo afisi wonyã be, enye kalẽtɔwo ƒe akpa dzi. 17 Tete duametɔwo do va wɔ aʋa kple Yoab, eye amewo tsi le aʋakɔ, si nye Dawid ƒe dɔlawo la dome, eye Uriya, Xititɔ la, hã ku. 18 Enumake Yoab do ame be, woaɖagblɔ aʋanyawo katã na Dawid. 19 Eye Yoab de se na dɔla la bena: Ne ègblɔ aʋanyawo katã na fia la vɔ, 20 eye fia la do dɔmedzoe gblɔ na wò bena: Nukaŋuti miegogo dua, be miawo aʋa? Mienyae bena, woanɔ glia dzi ate mi oa? 21 Ameka wu Abimelex, Yerubeset vi la? Ɖe menye nyɔnua ɖee le gli dzi xlã tevi ɖee woku le Tebez oa? Nukaŋuti miegogo glia hã la, ekema gblɔ be: Wò dɔla Uriya, Xititɔ la, hã ku. 22 Eye dɔla la yi ɖagblɔ nya, siwo katã gbe Yoab dɔe ɖo la, na Dawid. 23 Dɔla la ɖo ŋu na Dawid bena: Ŋutsuawo sesẽ wu mí, eye esi woɖo ɖe mia ŋu va tagba la, mieno te ɖe wo nu vaseɖe agboa nu ke. 24 Tete aŋutrɔdalawo le gli dzi tewò dɔlawo, eye fia ƒe dɔlawo dometɔa ɖewo ku, eye wò dɔla Uriya, Xititɔ la, hã ku. 25 Dawid gblɔ na dɔla la bena: Ale nagblɔ na Yoab enye si: Megana nusia nave wò o, elabena yi ɖua nu le afi kple afi! Do dzi wo aʋa kple dua, eye nagbãe! Ale naɖe dzi ƒo nɛ enye si! 26 Esi Uriya srɔ̃ se bena, srɔ̃a Uriya ku la, efa na srɔ̃a. 27 Eye esi wòwɔ aho vɔ la, Dawid dɔ woɖakplɔe va eƒe me wòzu srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Ke nusi Dawid wo la, medze Yehowa ŋu o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana