Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Amon-viwo do vlo Dawid ƒo ame dɔdɔwo, Dawid ƒe aʋakɔ si Amontɔwo.

1 Esia megbe la Amon-viwo ƒe fia ku, eye via Xanun ɖu fia ɖe eteƒe.

2 Tete Dawid gblɔ bena: Mave Naxas vi Xanun nu, abe alesi fofoa ve nunye ene. Eye Dawid do eƒe dɔlawo, be woaɖafa akɔ ne le fofoa ta. Ke esi Dawid ƒe dɔlawo va Amon-viwo ƒe anyigba dzi la,

3 Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe aƒetɔ Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfalawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Alo menye ɖe Dawid da eƒe dolawo ɖe gbɔwò, be woadzro dua me, eye woatsa ŋku le eme ahagblẽe oa?

4 Tete Xanun lé Dawid ƒe dɔlawo, eye wona wolũ gè afãafã na wo, eye wòlã woƒe awu ɖe domedomee ɖe agɔnu, emegbe wòdo mɔ wo.

5 Esi wova gblɔe na Dawid la, edo ame woyi ɖakpe wo, elabena wodo ŋukpe ŋutsuawo ŋuta; eye fia la na wogblɔ na wo bena: Musi Yerixo, vaseɖe esime miaƒe gè nato, hafi miagbɔ!

6 Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.

7 Esi Dawid see la, edɔ Yoab kple kalẽtɔwo ƒe aʋakɔ blibo la ɖo ɖa.

8 Tete Amon-viwo ho va dze aʋa ɖe agbo la nu, eve Aramtɔwo tso Zoba kple Rexob kple Istobtɔwo kple Maaxatɔwo le aʋagbe dzi la wo tɔ wo tɔe.

9 Esi Yoab kpɔ be, wodze aʋa ɖe ye ŋu le ŋgɔ kple megbe la, eɖe amewo le Israel ƒe ame tiatiawo katã me, eye wòdze aʋa ɖe Aramtɔwo ŋu.

10 Ke etsɔ aʋakɔ la ƒe kpɔtɔea de asi na nɔvia Abisai, ne wòadze aʋa de Amon-viwo ŋu.

11 Eye wògblɔ bena: Ne Aramtɔwo sesẽ wum la, ekema nava xɔ nam; eye ne Amon-viwo sesẽ wu wò la, ekema mava xɔ na wò.

12 Lé dzi de ƒo, eye na míasẽ ŋu na míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe du la; eye Yehowa awɔ nusi dze eŋu!

13 Tete Yoab kple aʋakɔ, si le eŋu la, ho yi ɖatɔ Aramtɔwo, eye wòsi le wo nu.

14 Eye esi Amon-viwo kpo be, Aramtɔwo si la, wòsi le Abisai nu yi dua me, eye Yoab trɔ le Amon-viwo yome heva Yerusalem.

15 Esi Aramtɔwo kpɔ bena, Israel-viwo si yewo la, woƒo wo ɖokui nu ƒu.

16 Eye Hadadezer do be, woana Aramtɔ, siwo le tɔsisi la fe go keme dzi, naho; eye wova Xelam, eye Hadadezer ƒe aʋafia Sobax le wo nu.

17 Esi wova gblɔe na Dawid la, eƒo Israel blibo la nu ƒu, eye wotso Yordan heva Xelam. Eye Aramtɔwo dze aʋa ɖe Dawid ŋu hewɔ aʋa kplii.

18 Ke Aramtɔwo si le Israel nu, eve Dawid wu tasiaɖam me nɔlawo alafa adre kple sɔdola akpe blane le Aramtɔwo dome, eye wòde abi woƒe aʋafia Sobax ŋu woku de afima.

19 Esi fia, siwo katã nye Hadadezer teviwo, kpɔ bena, Israel-viwo si wo la, wowɔ ŋutifafa kple Israel, eye wosubɔ wo, eye Aramtɔwo de asi vovɔ̃ me azɔ na kpekpe ɖe Amon-viwo ŋu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan