Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Samuel 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid na wotso ta le amesi tsɔ Saul ƒe nakuku vɛ nɛ la nu.

1 Eye wòva me le Saul ƒe ku megbe, esime Dawid gbɔ tso Amalek-ʋa, eye Dawid nɔ Ziklag ŋkeke eve megbe la,

2 kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso Saul ƒe asaɖa me va le ŋkeke etɔ̃agbe, awu vuvu le eŋu, eye ke le ta me nɛ. Eye esi wòva Dawid gbɔ la, ede ta agu, eye wòbɔbɔ.

3 Eye Dawid biae bena: Afika netso? Eɖo ŋu nɛ bena: Israel ƒe asaɖa mee mesi tso!

4 Dawid gblɔ nɛ bena: Aleke nya la le? Taflatse, gblɔe nam! Eye wòɖo ŋu bena: Dukɔ la si le aʋa la nu, eye ame geɖewo tsi aʋa le dukɔ la dome, eye Saul kple via Yonatan hã ku.

5 Tete Dawid bia ɖekakpui, si to nya la nɛ bena: Aleke newɔ, hafi nyae be, Saul kple via Yonatan ku?

6 Ɖekakpui, si to nya la nɛ la, ɖo ŋu bena: Nanetɔe meva Gilboa-to la dzi, eye kpo ɖa. Saul ziɔ ɖe eƒe akplɔ ŋu, eye tasiaɖam kple sɔdolawo ɖee ɖe enu.

7 Esi wònyè ka kpam la, eyɔm, eye metɔ bena: Nyee nye si!

8 Eye wòbiam bena: Ameka nenye? Meɖo ŋu nɛ bena: Amalekitɔ menye.

9 Eye wògblɔ nam bena: Te ɖe ŋunye, ne nawum, elabena ŋuzi le tsɔyem, eye agbe gale menye ko.

10 Tete mete ɖe eŋu hewui, elabena menyae be, anyi, si wòdze la, menye agbenɔtɔe o; eye meɖe ŋgoblanu la le eta kple abɔga le eƒe abɔ hetsɔ va afi na nye aƒetɔ.

11 Tete Dawid kple ŋutsu, siwo katã le eŋu la, dze woƒe awuwo.

12 Eye wofa konyi, fa avi hetsi nu dɔ vaseɖe fiẽ le Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe dukɔ la kpakple Israel ƒe aƒe la ŋuti, le esi wotsi yi nu la ta.

13 Eye Dawid bia ɖekakpui, si to nya la nɛ bena: Afikatɔ nènye? Eɖo ŋu bena: Amalekitɔa ɖe, si nye amedzro la ƒe vi menye.

14 Tete Dawid gblɔ nɛ bena: Nuka? Mèvɔ̃ be, nado wò asi ɖa awu Yehowa ƒe amesiamina la oa?

15 Eye Dawid yɔ ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Te va, ne nada nui aƒu anyi! Eye wòda nui woku.

16 Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Wò ʋu anɔ wò ta dzi! Elabena wò ŋutɔ wò nue ɖi ɖase le ɖokuiwò ŋu gblɔ bena: Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.


Dawid ƒe konyifaha le Saul kple via Yonatan ƒe ku ŋuti.

17 Tete Dawid kpa konyifaha sia le Saul kple via Yonatan ŋu,

18 eye wòde se be, woafia aŋutrɔdaha la Yuda-viwo. Kpɔ ɖa, woŋlɔe de ame dzɔdzɔewo ƒe agbalẽ me:

19 Oo Israel, wowu wò atsyɔ̃ɖoɖo le wò togbɛwo dzi! Aleke kalẽtɔwo hetsi aʋa ale!

20 Migaɖe gbe ƒãe le Gat o, eye migado kpoe le Askalon ƒe ablɔwo me o, ne Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo nagadzɔ dzi, eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo nagatso aseye o!

21 Mi Gilboa-towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye agble wɔnuwo maganɔ mia dzi o; elabena afima wotsɔ kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnu ƒu gbe ɖo. Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womesi ami nɛ o ene.

22 Yonatan ƒe aŋutrɔ medea megbe le ame tsiaʋawo ƒe ʋu kple kalẽtɔwo ƒe ami me o, eye Saul ƒe yi megbɔna ƒuƒlu o.

23 Saul kple Yonatan, amesiwo wolɔ̃na le woƒe agbe me, eye tsi metoa wo dome o, wo dome memã le ku me hã o; woɖe abla wu hɔ̃, eye wosesẽ wu dzata.

24 Israel-nyɔnuviwo, mifa avi na Saul, amesi la aɖabɛ na mi heɖo atsyɔ̃ na mi, eye wòɖo sikatsyɔ̃ɖonu ɖe awu: dzi na mi!

25 Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale, eye wowu wò, Yonatan, ɖe wò togbɛwo dzi!

26 Tɔwo le veyem, nɔvinye Yonatan! Wò nu vivi nunye ŋutɔ, eye wò hlɔ̃ nam ƒo nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ ta!

27 Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa, eye aʋawɔlawo tɔ aka ale!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan