Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Petro 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Apostolo, si le dzodzom la, ƒe nuxɔxlɔ̃ le veviedodo le kristotɔnyenye me ŋuti.

1 Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo kpɔ xɔse xɔasi ma ke kpli mí le mía Mawu kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe dzodzoenyenye la me:

2 Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi le sidzedze Mawu kple Yesu, mía Aƒetɔ, la me.

3 Esi eƒe Mawu me ŋusẽ tsɔ nusiwo katã nyo hena agbe kple mawusosroɖa la, ke mi to sidzedze amesi tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ yɔ mi la me;

4 nusiawo me woto tsɔ ŋugbedodo xɔasi gãtɔwo ke mí, bene miato esiawo me azu Mawu ƒe dzɔdzɔme gomekpɔlawo, ne miesi tso nudzodzrowo ƒe gbegblẽ, si le xexe sia me la gbɔ:

5 Eye esia ŋuti ke mitsɔ veviedodo katã kpe ɖe eŋuti, eye miɖe amewɔwɔ fia le miaƒe xɔse me, eye le amewɔwɔ me la sidzedze,

6 eye le sidzedze me la ɖokuidziɖuɖu, eye le ɖokuidziɖuɖu me la dzidodo, eye le dzidodo me la mawusosroɖa,

7 eye le mawusosroɖa me la nɔvilɔlɔ̃ eye le nɔvilɔlɔ̃ me la lɔlɔ̃ na amewo katã.

8 Elabena ne nusiawo le mia me, eye wole agbɔ sɔm ɖe dzi la, mana mianye kuviatɔwo kple ame matsekuwo le sidzedze mía Aƒetɔ Yesu Kristo la me o.

9 Elabena amesi si nusiawo mele o la, enye ŋkuagbãtɔ, eye mekpɔa didiƒenu o, eye woŋlɔ eƒe tsã nuvɔ̃wo kɔklɔɖa la be.

10 Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o.

11 Elabena le ale mɔ sia dzi woana gege ɖe mía Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me nu wòasɔ gbɔ fũ.


Le Kristo ƒe ŋutikɔkɔe kple nyagblɔɖi, si li ke sesĩe la ŋuti.

12 Eyaŋuti nyemadzudzɔ ŋkuɖoɖo nusiawo dzi na mi akpɔ o, wònye mienyae, eye wona mieli ke ɖe nyateƒe, si li kpli mi la me hafi.

13 Ke mebui nusi dzɔ be, ŋkeke alesi mele agbadɔ sia me la, matsɔ ŋkuɖoɖonudzi na mi anɔ mia nyɔmi.

14 Elabena menyae bena, nye agbadɔ la ɖeɖeɖa la lilim, abe alesi mía Aƒetɔ Yesu Kristo hã ɖee fiam la ene.

15 Ke mado vevie, bena miate ŋu aɖo ŋku nusiawo dzi gbesiagbe le nye dzodzo megbe.

16 Elabena menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime miena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo.

17 Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu Fofo la gbɔ, esime nenem gbe sia ɖi tso ŋutikɔkɔe gã nyui la me va egbɔ bena: „Amesia nye Vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye!“

18 Eye mia ŋutɔwo miese gbe sia tso dziƒo, esime mieli kplii le to kɔkɔe la dzi.

19 Eye nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mia si, eye miewɔe nyuie bena, míekpɔa edzi, abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣletivi ladze le miaƒe dziwo me;

20 eye minya esia gbã bena, ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖiwo katã metso ame ŋutɔ ƒe gɔmefiafia gbɔ o;

21 elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan