Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Fukpekpe atɔ̃lia: dɔvɔ̃.

1 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, eye nagblɔ ne bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, bena wòaɖasubɔm!

2 Ke ne egbe asiɖeɖe de wo ŋu, eye nègalé wo ɖe anyi la,

3 ekema Yehowa ƒe asi alé wò lãha, siwo le gbedzi, eye adza sesẽa ɖe aƒo sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo.

4 Ke Yehowa ade vovo Israel-viwo ƒe lãwo kple Egiptetɔwo to dome, eye lã, siwo nye Israel-viwo to la, dome ɖeke maku o.

5 Eye Yehowa ɖo ŋkeke gblɔ bena: Etsɔ Yehowa ana nu sia ava anyigba la dzi.

6 Esi ŋu ke la, Yehowa na wòva me. Eye Egipte-tɔwo ƒe lãwo katã ku; ke Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hã meku o.

7 Eye Farao do amewo ɖa, eye wokpɔ bena, Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hɔ̃ hã meku o. Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le dukɔ la ŋuti wòyi o.


Fukpekpe adelia: ƒoƒoe.

8 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Miɖe kpo me dzɔble ɖe miaƒe asiʋlowo me, eye Mose nahlẽe ɖe ya me le Farao ƒe ŋku me;

9 ekema azu ʋuʋu akaka ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye wòatrɔ zu ƒoƒoe, siwo me dɔvɔ̃ aɖo, ɖe amewo kple lãwo siaa ŋu, le Egipte-nyigba blibo la katã dzi.

10 Eye woɖe kpo me dzɔble la heva tsi tre ɖe Farao ƒe ŋku me, eye Mose tsɔe hlẽ ɖe ya me; tete wòtrɔ zu ƒoƒoe, siwo me dɔvɔ̃ ɖo, ɖe amewo kple lãwo siaa ŋu.

11 Ke afakalawo mete ŋu no te ɖe Mose nu o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te afakalawo hã abe Egiptetɔwo katã ene.

12 Eye Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose ene.


Fukpekpe adrelia: tsikpe.

13 Eyome Yehowa gblɔ na Mese bena: Yi Farao gbɔ ŋdi kanya, eye nagblɔ ne be: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!

14 Ne menye nenem o la, mala nye fuwɔamewo katã atrɔ ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dzi, bena nanyae be, amea ɖeke mede nunye le anyigba blibo la katã dzi o.

15 Elabena mate ŋu ado nye asi ɖa atsɔ dɔvɔ̃ agblẽ wò ŋutɔ kple wò dukɔ, ale be natsrɔ̃ le anyigba la dzi xoxoxo hafi,

16 gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.

17 Ke ne egagbe asiɖeɖe le nye dukɔa ŋu la,

18 ekema mana kpetsi gãwo nadza etsɔ wɔale siawo, esiwo tɔgbe medza ɖe Egipte-nyigba dzi kpɔ o vaseɖe fifi, tso esime woɖo egɔme anyi.

19 Eyata dɔ woadzra wò lãha kple wò nusianu, si le gbedzi la ɖo, elabena ame kple lã, siwo katã gale gbedzi, eye womeyi xɔ me o la, kpetsi la adza ɖe wo dzi, eye wòawu wo.

20 Eye Farao ŋuti mewo dometɔ, si ke Yehowa ƒe nya la tso dzika ƒo na la, na wokplɔ eƒe dɔlawo kple lãhawo si yi xɔ mee.

21 Ke amesi ke mebu Yehowa ƒe nya la o la, gblẽ eƒe dɔlawo kple lãhawo ɖe gbedzi.

22 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe dziƒo, bena kpetsi nadza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa kpakple agblemenuwo katã dzi le Egipte-nyigba la dzi!

23 Eye Mose do eƒe atikplɔ ɖe dziƒo, tete Yehowa na dzi ɖe gbe, eye kpetsi dza, eye dzi ke dzo de anyigba la dzi, eye Yehowa na kpetsi dza ɖe Egipte-nyigba la dzi.

24 Kpetsia le dzadzam, eye dzi le dzo kem ɖe eme edziedzi; kpetsia nu sẽ ŋutɔ, eye etɔgbe medza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi kpɔ o, tso esime amewo va edzi.

25 Eye kpetsia gblẽ nusianu, si le gbedzi, le Egipte-nyigba blibo la katã dzi hewu amewo kple lãwo siaa, eye kpetsia gblẽ agblemenuwo katã, eye wòle gbemetiwo katã.

26 Negbe Gosen-nyigba, si dzi Israel-viwo le ko, dzi kpetsia ɖeke mede o.

27 Tete Farao do woɖayɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Meda vo! Yehowa tɔ dzɔ, ke mía kple nye dukɔ la to medzo o.

28 Miɖaɖe kuku na Yehowa, bena wòana dziɖegbe kple kpetsi la nu natso; ekema maɖe asi le mia ŋu, eye miaganɔ afisia o.

29 Mose ɖo ŋu nɛ bena: Ne menya do le dua me ko la, make nye abɔwo me na Yehowa, bena dziɖegbe la nu natso, eye kpetsia nadzudzɔ dzadza, ne nanyae be, Yehowa ta enye anyigba la.

30 Ke menyae be, wò ŋutɔ kple ŋuwò mewo miele Yehowa Mawu vɔ̃m haɖe o.

31 Eye ɖeti kple mɔli gblẽ, elabena mɔli ɖi, eye ɖeti ƒo se.

32 Ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena womekpɔ mie haɖe o.

33 Emegbe Mese dzo le Farao gbɔ, eye esi wòdo le dua me la, eke eƒe abɔwo me na Yehowa, tete dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi dzudzɔ dzadza ɖe anyigba la dzi.

34 Ke esi Farao kpɔ bena, tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la nu tso la, egayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, eye eva kple eŋu mewo sẽ woƒe dzime.

35 Eye Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋu o, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan