Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mose kple Aron wɔ nukunu le Farao ŋku me.

1 Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Mana nanye Mawu ɖe Farao nu, eye nɔviwò Aron nanye wò nyanuɖela.

2 Gblɔ nya, siwo katã magblɔ na wò la, eye nɔviwò Aron nagblɔe na Farao be, wòaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo le eƒe anyigba dzi.

3 Ke nye la mana Farao ƒe dzime nasẽ, bena mawo dzesi kple nukunu geɖewo le Egipte-nyigba dzi.

4 Ke Farao maɖo to mi o, eye mado nye asi ɖe Egiptetɔwo gbɔ, eye matsɔ ŋusẽ gã akplɔ nye amehawo, nye dukɔ Israel-viwo atso Egipte.

5 Ekema Egiptetɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne medo nye asi ɖe Egipte dzi, eye mekplɔ Israel-viwo dzoe le wo dome.

6 Alesi Yehowa ɖe se na Mose kple Aron la, nenema wowɔ.

7 Mose xɔ ƒe blanyi, eye Aron xɔ ƒe blanyi vɔ etɔ̃, esime woƒo nu kple Farao.

8 Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena:

9 Ne Farao abia nukunua ɖe tso mia si la, ekema gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ da ɖe Farao ƒe ŋku me! eye wòatrɔ zu da gãa ɖe.

10 Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Aron tsɔ eƒe atikplɔ da ɖe Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, eye wòtrɔ zu da gãa ɖe.

11 Ke Farao hã yɔ nunyalawo kple afakalawo vɛ, eye Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenemake.

12 Wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe atikplɔ ɖa ɖe anyi, tete wotrɔ zu da gãwo; ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi.

13 Gake Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Fukpekpe gbãtɔ: Tsi trɔ zu nu.

14 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Farao ƒe dzime sẽ, eye wogbe asiɖeɖe le dukɔ la ŋuti.

15 Yi Farao gbɔ ŋdi kanya: kpɔ ɖa, ayi to la nu, eye natsɔ atikplɔ, si zu da la, ɖe asi aɖado goe le Nil-tɔsisi la to.

16 Eye nagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, dom ɖo ɖe gbɔwò, be yeagblɔ na wò bena: Ɖe asi le nye dukɔa ŋuti, ne wòaɖasubɔm le gbedzi! Ke meɖo to vaseɖe fifi o.

17 Ale Yehowa gblɔ esi: Esia natsɔ anyae bena, nyee nye Yehowa. Matsɔ atikplɔ, si le asinye la, aƒo Nil-tɔsisi me tsia dzi, eye wòatrɔ zu ʋu.

18 Eye lã, siwo le Nil me la, laku, eye tɔ la aɖe asi ʋeʋẽ me, ale be Egiptetɔwo anyɔ ŋu tɔa me tsi nono.

19 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ, eye nado wò asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tsiwo dzi, ɖe woƒe tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo kple tsiteƒewo katã dzi, bena woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi le goewo kple zewo me.

20 Eye Mose kple Aron wɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Eye wotsɔ eƒe atikplɔ ƒo Nil me tsi la dzi le Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, tete tsi, siwo katã le Nil me la, trɔ zu ʋu.

21 Eye lã, siwo katã le Nil me la, ku, eye lɔ la de asi ʋeʋẽ me, ale be Egiptetɔwo megate ŋu no Nil me tsi o. Eye ʋu le Egipte-nyigba dzi afisiafi.

22 Ke Egipte-tɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe ave me nuwɔwɔwo wɔe nenema ke. Eye Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o abe alesi Yehowa gblɔ ene.

23 Tete Farao trɔ yi aƒe me, eye meɖo toe na wo o.

24 Eye Egiptetɔwo ɖe vudowo ɖe Nil ŋu, bena woakpɔ tsi ano, elabena womete ŋu no tɔa me tsi la o.

25 Esi Yehowa gblẽ Nil me tsia la, etsi nenema ŋkeke adre sɔŋ.


Etsɔ fukpekpe evelia do ŋɔdzi nɛ.

26 Eyome Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, eye nagblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ ŋu bena wòaɖasubɔm!

27 Ke ne egbe asiɖeɖe le eŋu la, ekema mana akpɔkplɔwo naɖe fu na mi le wò anyigba blibo la katã dzi.

28 Eye Nil-tɔsisi la adzi akpɔkplɔwo, eye woaɖo ava aƒewò me, ayi ɖe wò xɔgã me kple wò aba dzi; ayi ɖe ŋuwo mewo kple dukɔ la ƒe xɔwo me, eye woage ɖe wo abolokpowo kple amɔwɔzewo me.

29 Gɔ̃ la akpɔkplɔawo ata le wò ŋuta, wò dukɔ la kple ŋuwò mewo katã ŋuti.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan