Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mose gaxɔ se yeye tso Mawu gbɔ.

1 Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.

2 Eye Mawu ƒo nu kple Mose gblɔ nɛ bena: Nyee nye Yehowa!

3 Nyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu ŋusẽkatãtɔ ene, ke nyemeɖe nye ŋkɔ Yehowa fia wo o.

4 Mebia nu kpli wo be, matsɔ Kanaan-nyigba, si dzi wonye amedzrowo le la, ana wo wòanye wo tɔ.

5 Eye azɔ mese Israel-viwo ƒe konyi, si wòta le Egiptetɔwo ƒe wo teteɖanyi la ŋuti, eye meɖo ŋku nye nubabla la dzi.

6 Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.

7 Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.

8 Eye makplɔ mi ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Nye Yehowa matsɔe na mi wòanye mia tɔ.

9 Eye Mose va gblɔ nyawo na Israel-viwo, ke woawo meɖo to Mose o, elabena womegale dzi ɖom ɖe amea ɖeke ŋu o, le dɔ sesẽ la ta.

10 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena:

11 Yi ɖaƒo nu kple Farao, Egipte-fia bena: Ɖe asi le Israel-viwo ŋuti woadzo le wo anyigba dzi.

12 Eye Mose ɖo ŋu na Yehowa bena: Esi Israel-viwo mele to ɖomem o la, aleke Farao aɖo to nye amesi nu menya ƒona na o la!

13 Tete Yehowa ƒo nu kple Mose kple Aron, eye wòdo wo de Israel-viwo kple Farao, Egipte-fia gbɔ, bena woakplɔ Israel-viwo atso Egipte-nyigba dzi.


Dzidzimegbalẽ.

14 Esiawo nye aƒehanuawo le woƒe ƒome la me. Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi, ƒe viwo nye: Henox, Palu, Xezron kple Karmi; esiawo nye Ruben-hawo.

15 Simeon viwo nye: Yemuel, Yamin, Ohad, Yaxin kple Zoxar kpakple Saul, si nye Kanaan-nyɔnu ƒe vi; esiawo nye Simeon-hawo.

16 Esiawo nye Lewi viwo ƒe ŋkɔwo le woƒe dzidzime nu: Gerson, Kahat kple Merari; eye Lewi tsi xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ adre.

17 Gerson viwo nye Libni kple Simei le woƒe dzidzime nu.

18 Kahat viwo nye: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel; eye Kahat tsi xa ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.

19 Merari viwo nye: Maxeli kple Musi; esiawo nye Lewi-hawo le woƒe dzidzime nu.

20 Eye, Amram ɖe tsa Yoxebet, amesi dzi Aron kple Mose nɛ. Eye Amram tsi xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ adre.

21 Yizhar viwo nye: Korax, Nefeg kple Sixri.

22 Uziel viwo nye: Misael, Elzafan kple Sitri.

23 Eye Aron ɖe Eliseba, Aminadab vinyɔnu, amesi nye Naxason nɔvinyɔnu, eye wòdzi Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar nɛ.

24 Korax viwo nye: Asir, Elkana kple Abiasaf; esiawo nye Korax-hawo.

25 Eye Eleazar, Aron vi ɖe Putiel vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, amesi dzi Pinexas nɛ. Ame siawo nye Lewi viwo ƒe aƒehánuawo le woƒe ƒome la nu.

26 Esiawo nye Aron kple Mose, amesiwo Yehowa gblɔ na bena: Mikplɔ Israel-viwo ƒe hawo dzo tso Egipte-nyigba dzi!

27 Amesiwo yi ɖagblɔ na Farao, Egipte-fia bena, yewoakplɔ Israel-viwo atso Egipte, wonye Mose kple Aron.

28 Esi Yehowa ƒo nu kple Mose le Egipte la,

29 Yehowa gblɔ na Mose bena: Nyee nye Yehowa! Yi ɖagblɔ nya, siwo katã magblɔ na wò la, na Farao, Egipte-fia.

30 Ke Mose gblɔ na Yehowa bena: Nu menya ƒona nam o; aleke awɔ Farao aɖo to nye gbe?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan