Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mose le Farao ŋku me.

1 Emegbe Mose kple Aron woyi dagblɔ na Farao bena: Ale Yehowa. Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyuie nam le gbedzi!

2 Farao ɖo ŋu bena: Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti wòayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o!

3 Wogblɔ bena: Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Na míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ayi gbeɖzi, ne miasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la: ne menye nenem o la, adze mia dzi kple dɔvɔ̃ alo yi.

4 Tete Egipte-fia ɖo ŋu na wo bena: Mose kple Aron, nukaŋuti miele didim be, miade dukɔ la le woƒe dɔa nu? Miheyi miaƒe dɔ sesẽ la dzi!

5 Eye Farao gagblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔ la so gbɔ le anyigba la dzi tso, eye miedi be, wòadzudzɔ woƒe dɔ la mahã?


Farao gate Israel-viwo ɖe anyi wu.

6 Gbemagbe Farao de se na dukɔ la ƒe dɔdzikpɔlawo kple eƒe dɔnunɔlawo bena:

7 Migana gbe dukɔ la, bena woade anyi me, amè anyikpewoe, abe alesi miewɔe vaseɖe fifi ene o; ke boŋ woawo ŋuta nayi aɖadi gbe na wo ɖokui!

8 Gake kpe alesi nu womèna vaseɖe fifi la, mina woamèe, eye migaɖe ɖeke le edzi na wo o! Elabena kuvia wɔm wole; eyata wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Míayi aɖasa vɔ na miaƒe Mawu.

9 Dɔ la nu nasẽ na wo, ale be dɔ geɖe nanɔ wo si, ne womagaɖo to ameblenyawo o!

10 Tete nuka la ƒe dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi, eve wogblɔ na dukɔ, la bena: Ale Farao ɖo enye si. Nyemegale gbe na ge mi azɔ o.

11 Mia ŋutɔwo miyi, ne miadi gbe na mia ɖokui, afisi míakpɔe ale, ke womaɖe miaƒe dɔ la dzi na mi o.

12 Tete dukɔ la kaka ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, bena woadi gbe.

13 Eye dɔdzikpɔlawo ƒo du de wo nu gblɔ bena: Ele na mi be, mia wu miaƒe goesiagbe dɔ nu blibo, abe alesi miewɔna tsã, esime gbe no mia si la ene.

14 Eye woƒo Israel-vi, siwo Farao ƒe dɔdzikpɔlawo tsa do dɔnunɔlawoe la, gblɔ na wo bena: Nukaŋuti mieme miaƒe anyikpe, siwo woɖo na mi la, wu nu blibo etsɔ kple egbe, abe tsã ene o mana?

15 Tete Israel-viwo ƒe dɔnunɔlawo yi ɖafa konyi na Farao gblɔ bena: Nukaŋuti nele wò dɔlawo wɔm alea?

16 Womegale gbe nam wò dɔlawo azɔ o, gake wole gbɔgblɔm na mí bena: mimè anyikpe! Azɔ wole mia ƒom gɔ̃ hã, eye wobu wò dukɔ la vodalawoe.

17 Ke eya ɖo ŋu gblɔ bena: Kuviatɔwo, kuviatɔwo míenye! Eyata miele gbɔgblɔm bena: Míayi aɖasa vo na Yehowa.

18 Miheyi miaƒe dɔ dzi; womana gbe mi o, gake ele na mi be, miame anyikpe, abe alesi wodo na mi ene.

19 Eye wosesẽ na Israel-viwo ƒe dɔnunɔlawo be, woaɖagblɔ be, womeɖe woƒe gbesiagbe kpemème la dzi na wo o.

20 Esi wodzo le Farao gbɔ la, wokpe Mose kple Aron, amesiwo tsi tre ɖi, be woaɖo go wo

21 Eye wogblɔ na wo bena: Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòakpɔ me na mi. Elabena miena miede asi ʋeʋẽ me ɖe Farao kple eŋuti mewo, gɔ̃ la miede yi asi na wo, be woatso awu mí.

22 Tete Mose trɔ ɖe Yehowa; ŋu gblɔ bena: Aƒetɔ! Nukaŋuti nèhe vɔ̃ sia va dukɔ la dzi? Nukata gɔ̃ nedɔm ɖo?

23 Elabena tso esime meva Farao gbɔ, eye meƒo nu le wo ŋkɔa me la, azɔ gɔ̃ wòle ŋuta sẽm le dukɔ la ŋu; ke wò la meɖe dukɔ la kpɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan