2 Mose 40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Agbadɔ la kpekpe kple eŋuti kɔkɔ. 1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: 2 Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi natu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la. 3 Tsɔ nubablaɖaka la da ɖe eme, eye natsɔ xɔmetsovɔ la axe aɖaka la ŋku me. 4 Tsɔ kplɔ la da ɖe eme, eye natsɔ ŋkumeɖobolo la ada ɖe edzi; emegbe nakɔ akaɖiti la ava eme, eye natɔ akaɖigbɛawo aɖo edzi. 5 Eye natsɔ sikavɔsamlekpui, si dzi woado dzudzɔ ɖo, ada ɖe nubablaɖaka la ƒe ŋgɔdze, eye natsɔ avɔ atu agbadɔ la nu. 6 Eye natsɔ numevɔsamlekpui la ada ɖe nɔƒe la, si enye Mawu ƒe agbadɔ la, ŋu ʋɔtrua ƒe ŋgɔdze. 7 Tsɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye naku tsi de eme. 8 Eye natɔ kpɔ ɖe eŋu godoo ava kpe, eye natsɔ avɔ atu agbo la nu. 9 Tsɔ ami sisi la si na nɔƒe la kple nusiwo katã le eme, eye nakɔ eya ŋutɔ kple eŋu nuwo katã ŋu, bena woazu kɔkɔe. 10 Si ami na numevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã, eye nakɔ vɔsamlekpui la ŋu, bena vɔsamlekpui la nazu nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe. 11 Eye nasi ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nakɔ eŋu. 12 Emegbe nana Aron kple viaŋutsuwo nate va Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye nale tsi na wo. 13 Eye na Aron nado awu kɔkɔeawo, eye nasi ami nɛ àwɔe kɔkɔe, bena wòazu nunɔla asubɔm. 14 Eyome nana viaŋutsuwo nate va, eye woado awutewui ʋlayawo, 15 eye nasi ami na wo, abe alesi nèsii na wo fofo ene, bena woazu nunɔlawo asubɔm. Ami sisi sia nanye dzesi na wo kple woƒe dzidzimeviwo bena, nunɔladɔ la zu wo tɔ tegbee. 16 Eye Mose wɔe pɛpɛpɛ. Alesi Yehowa de se ne la, nenema wòwɔ. 17 Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi wotu nɔƒe la. 18 Ale Mose tu nɔƒe lae. Efɔ afɔawo da ɖi, eye wotsɔ ʋuƒoawo de wo me; emegbe wòde gametiawo wo ŋu, eye wòtu sɔtiawo. 19 Eye wòkeke kuntruawo ɖe nɔƒe la dzi, emegbe wògbã wo dzi, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 20 Etsɔ se la de aɖaka la me, eye wòde kpoawo aɖaka la ŋu; eyome wòkɔ nutsyɔnu la da de aɖaka la tame. 21 Eye wokɔ aɖa ka la da ɖe nɔƒe la, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la xe nubablaɖaka la ŋku me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 22 Eye wotsɔ kplɔ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, le nɔƒe la ƒe anyiehekpa dzi, le xɔmetsovɔ la ŋgɔ, 23 eye wotsɔ abolo da de edzi le Yehowa ƒe ŋku me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 24 Eyome wotsɔ akaɖiti la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, le kplɔ la kasa, le nɔƒe la ƒe dziehekpa dzi, 25 eye wòfɔ akaɖigbɛawo do edzi le Yehowa ŋku me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 26 Eye wòtsɔ sikavɔsamlekpui la da de Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ la ŋgɔ, 27 eye wotsɔ atike ʋeʋẽewo do dzudzɔ de edzi, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 28 Emegbe wòtsɔ avɔ tu agbadɔ la nu. 29 Eye wòtsɔ numevɔsamlekpui la da ɖe nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ, eye wome numevɔsa kple nuɖuvɔsa le edzi, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 30 Eye wotsɔ tsileze la da de Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye wòku tsi, si woale la, de eme. 31 Eya me Mose kple Aron kple viaŋutsuwo klɔa woƒe asiwo kple afɔwo ɖo. 32 Ne wole Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge, alo wole tete ge ɖe vɔsamlekpuia ŋu la, woléa tsi, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene. 33 Eye wòtɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la godoo va kpe, eye wòtsɔ avɔ la tu agbo la nu. Ale Mose wu dɔ blibo la nu. Mawu ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la taŋ. 34 Tete alilikpo tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ. 35 Ke Mose mete ŋu yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me o, elabena alilikpo tsyɔ edzi, eve Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ. 36 Eye ne alilikpo la ho tso nɔƒe la dzi la, Israel-viwo hã hona, alea wowɔ le woƒe mɔzɔzɔ la katã me. 37 Ne alilikpo la meho o la, womehona o, vaseɖe gbesigbe woaho hafi. 38 Le woƒe mɔzɔzɔwo katã me la Mawu ƒe alilikpo la nɔ nɔƒe la dzi le ŋkeke me, ke edzena na Israel ƒe aƒe blibo la le zã me abe dzo ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana