2 Mose 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ɖo mɔ Mose kple nukunu. 1 Mose do ŋu gblɔ bena: Ne womexɔ nye nya dzi se o, eye womeɖo to nye gbe o, ke boŋ wogblɔ bena: Yehowa mede eɖokui fia wò o ɖe? 2 Yehowa gblɔ nɛ bena: Nukae ma le asiwò? Eɖo ŋu bena: Atizɔtie. 3 Tete wògblɔ bena: Tsoe ƒu gbe ɖe anyigba! Esi wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba la, etrɔ zu da, eye Mose si le enu. 4 Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖa nalé eƒe asike! Eye wodo eƒe asi ɖa lee; tete wògatrɔ zu atizɔti de esi. 5 Ekema woaxɔe ase bena, Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob fe Mawu lae de eɖokui fia wò. 6 Eye Yehowa gagblɔ nɛ bena: Tsa wò asi ƒo ɖe wò axatome! Eye wòtsɔ eƒe asi ƒo de eƒe axatome. Esi wògaɖee ɖa la, anyi ƒo ɖe eƒe asi ŋuti fu tii. 7 Eye wògblɔ bena: Gagbugbɔ wò asi ƒo de wò axatome! Eye esi wògagbugbɔ eƒe asi ƒo de axatome, eye wògaɖee da la, kpɔ ɖa, eƒe asi gazu abe eƒe ŋutilã susɔea ene. 8 Ne womexɔ wò nya dzi se o, eye womebu dzesi gbãtɔ o la, ekema woaxɔ dzesi evelia dzi ase. 9 Ke ne womexɔ dzesi eve siawo hã dzi se o, eye womese wo gbe o la, ekema naku tsi le Nil-tɔsisi me akɔ de anyigba, eye tsi, si nèku le Nil-tɔsisia me la, atrɔ zu ʋu ɖe anyigba. 10 Tete Mose gblɔ na Yehowa bena: Taflatse, Aƒetɔ, nyemenya nuƒoƒo o, eye esia metso etsɔ kple nyitsɔ alo tso esime nède asi nuƒoƒo me kple wò dɔla o, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o. 11 Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ameka wo nu na ame? Ameka wo aɖetututɔ alo tokunɔ alo nukpɔla alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowa oa? 12 Heyi ko, makpe ɖe ŋuwò naƒo nu, eye mafia nusi nagblɔ la wò. 13 Eye wògblɔ bena: Taflatse, Aƒetɔ, ɖi amea ɖe do boŋ. 14 Tete Yehowa, do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu gblɔ bena: Alo nyemenyae bena, nɔ viwò Aron, Lewitɔ la, nya nuƒoƒo nyuie oa? Kpɔ ɖa, egbɔna kpe; wò ge, eye ne ekpɔ wò la, dzi adzoe ŋutɔ. 15 Ekema naƒo nu kplii, eye natsɔ nyawo ade enu, eye nye la makpe ɖe mia ŋu miaƒo nu, eye mafia nusi miawɔ la mi. 16 Eya naƒo nu kple dukɔ la ɖe tewòƒe, eye wòanye wò nu; ke wò la nanɔ Mawu teƒe nɛ. 17 Eye natsɔ atizɔti sia ɖe asi, eya natsɔ awɔ dzesiawoe! Mose gatrɔ yi Egipte. 18 Eye Mose trɔ gbã va toa Yetro gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Mele didim be, magbugbɔ aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa le Egipte be, wogale agbe mahã? Yetro ɖo ŋu; na Mose bena. Heyi faa! 19 Eye Yehowa gblɔ na Mose le Midian bena: Tso, gbugbɔ yi ɖe Egipte, elabena amesiwo katã le didim be, yewoatsrɔ̃ wò agbe la, woku. 20 Tete Mose tsɔ srɔ̃a kple viawo ɖo tedzi dzi, eye wòdze mɔ heyi Egipte-nyigba dzi; eye Mose tso Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi. 21 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o. 22 Gblɔ na Farao bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Israel la nye ŋgɔgbevie! 23 Eyata mele gbɔgblɔm na wò bena: Ɖe asi le vinye ŋuti, ne wòava subɔm, ke ne ègbe asiɖeɖe le eŋu la, ekema mawu wò ŋgɔgbevi! 24 Le ma dzi, esi wova ɖo dzeƒe la, Yehowa va, eye wòdi be, yeawui. 25 Tete Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛa ɖe lã viaŋutsu ƒe aʋanuyi ɖa, eye wòtsɔe da ɖe eƒe afɔ nu gblɔ bena: Ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nènye nam. 26 Tete wòɖe asi le eŋu. Gbemagbe wògblɔ bena ʋuŋugbetɔsrɔ̃ le aʋatsotso la ta. 27 Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Yi ɖakpe Mose le gbea dzi! Tete wòyi ɖakpee le Mawu ƒe to la gbɔ, eye wògbugbɔ nu nɛ. 28 Eye Mose gblɔ Yehowa ƒe nya, siwo katã ta wòdɔe ɖo kple dzesi, siwo katã wòde esi la nɛ. 29 Esia megbe Mose kple Aron woyi, eye woyɔ Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã ƒo ƒu. 30 Eye Aron gblɔ nya, siwo katã Yehowa de asi na Mose la; ke eya wo dzesiawo le dukɔ la ƒe ŋku me. 31 Esi dukɔ la se bena: Yehowa ɖo ŋku Israel-viwo dzi, eye wòkpɔ woƒe teteɖanyi la, woxɔe se, eye wode ta agu hedo gbe ɖa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana