Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Mose 39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunɔlawo ƒe awuwo kple woƒe atsyɔ̃ɖonuwo.

1 Eye wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzẽ lɔ atsyɔ̃ɖowuawo, bena woatsɔ awɔ subɔsubɔdɔe le kɔkɔeƒe la, eye wolã awu kɔkɔewo na Aron, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.

2 Eye wotsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ kɔmewu la.

3 Woƒo sika la gbabɛ, eye wodzee lelele, bena aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nate ŋu atsɔe atɔtɔ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada alɔ.

4 Akpa eve me kɔmewu la le, eye wokpee le eƒe goawo kple eve me.

5 Eye akɔblanu, si le eŋu la, wɔ ɖeka kplii: sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada ke wotsɔ lɔ̃e, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

6 Wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe soham-kpe eve ŋu, eye ŋkɔɖelawo ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.

7 Eye wotsɔ wo ɖo kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israel-viwo dzi, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

8 Eyome wòna aɖaŋuvɔlɔ̃lawo tsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ kɔmewu ƒe avɔ tɔgbe hena akɔtaɖonu la.

9 Dzogoe ene me wòle, eye wòŋe akɔtaɖonu la me ɖe eve: edidi asi ɖeka, eye wòkeke asi ɖeka.

10 Eye woɖo kpewo eŋu ɖe agbaka ene me. Agbaka gbãtɔ nye: karneol, topas kple smaragd,

11 agbaka evelia nye rubin, safir kple omks;

12 agbaka etɔ̃lia nye, ligurio, axat kple ametist;

13 agbaka enelia nye: krisolit, soham kple yaspis: eye wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe wo ŋu ƒo xlã wo.

14 Kpeawo le wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo ta to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.

15 Eye wotsɔ ka, si wotsɔ sika nyuitɔ gbee la, wɔ kɔsɔkɔsɔwo ɖe akɔtaɖonu la ŋu.

16 Emegbe wotsɔ sika wɔ gbo eve kple sikasigɛ eve, eye wòtɔ asigɛ eveawo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi.

17 Eye wotsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eveawo de asigɛ eveawo me le akɔtaɖonu la ƒe dzogoewo dzi.

18 Eyome wode kɔsɔkɔsɔ eveawo ƒe nu eveawo gbo eveawo ŋu, eye wòtɔ gboawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo le ŋgɔ.

19 Wogawɔ sikasigɛ eve, eye wòtɔ wo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe mamle eveawo dzi le eme, ale be wodze akɔblanu la dzi.

20 Emegbe wogawɔ sikasigɛ eve, eye wòtɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo kple eve to le ŋgɔ, afisi woɖe kɔme nɛ ɖo, le akɔblanu la ƒe dziƒo gome.

21 Eye wogbe aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka sa ɖe asigɛ, siwo le akɔtaɖonua ŋu la ŋuti hetsi ɖe asigɛ, siwo le kɔmewua ŋu la ŋuti, ale be akɔtaɖonu la li ɖe akɔblanu la dzi, eye mele ʋaʋãm o, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

22 Eye wòna avɔlɔ̃la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ɖeɖe lɔ̃ dziwui, si dzi woaɖo kɔmewu la ɖo.

23 Woɖe kɔme nɛ ɖe titina, eye woƒo kɔme la to va kpe, bena magadze o.

24 Eye wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to godoo va kpe.

25 Eye wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nyawowoewo, eye wotsi nyawowoeawo ɖe yevuboɖawo dome le dziwui la to godoo va kpe;

26 nyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka, nyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka; alea wole dziwui la to godoo va kpe, hena subɔsubɔ ƒe dzesi, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

27 Eyome avɔlɔ̃lawo tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ awutewui ʋlayawo na Aron kple viaŋutsuwo.

28 Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ tablanuawo, eye wotsɔ ɖeti ɣi dada lɔ agbotɛ ɣiawo.

29 Eye avɔlɔ̃lawo tsɔ ɖeti ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dze lɔ alidziblanu la ŋɔŋɔe, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

30 Emegbe wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ŋgoblanu kɔkɔe la, eye ŋkɔɖelawo ta nu ɖe dzi bena: „Yehowa ƒe kɔkɔetɔ!“

31 Eye wotsi aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ɖe eŋu, bena woate ŋu asae ɖe tablanu la ŋu, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


Mose yra dɔ, si nu wowu la.

32 Ble wowu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la, ŋu dɔwo katã nu, eye Israel-viwo wɔe pɛpɛpɛ, abe alesi Yehowa de se na Mose be, woawɔe ene.

33 Eye wofɔ nɔƒe la va Mose gbɔ; agbadɔ la kple eŋu nuwo katã; ganuviawo, ʋuƒoawo, gametiawo, sɔtiawo, afɔawo,

34 agbogbalẽ, si wode ama dzi kple nyogbalẽawo kpakple xɔmetsovɔ la,

35 nubablaɖaka la, eŋu kpoawo kple nutsyɔnu la,

36 kplɔ̃ la kple eŋu nuwo katã kple ŋkumeɖobolo la,

37 sikakaɖiti la kple eŋu kaɖigbɛawo, siwo wodo ɖe agbaka nu, eŋu nuwo katã kple akaɖimemi,

38 sikavɔsamlekpui la, ami sisi la kple dzudzɔdonu, si wotsɔ atike ʋeʋẽewo wɔe kpakple agbadɔnuvɔ la,

39 akɔblivɔsamlekpui la kple eŋu kɔblidzrala la, eŋu kpoawo kple eŋu nuwo katã, tsileze la kple eƒe zɔ,

40 kpɔ la ŋu vɔwo, kpɔtiawo, afɔawo kple agbonuvɔ la, agbadɔ ŋu kawo kple tsyotiawo kpakple nusiwo katã ŋu dɔ woawɔ le nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la me;

41 atsyɔ̃ɖowu, siwo woaɖo awɔ subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒe la, nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔe mamleawo kple viaŋutsuwo ƒe awuawo, bena woanye nunɔlawo asubɔ.

42 Alesi tututu Yehowa de se na Mose la, nenema pɛpɛpɛ Israel-viwo wɔ dɔ blibo lae.

43 Eye Mose kpɔ dɔ blibo la; kpɔ ɖa, wowɔe, abe alesi Yehowa de se be, woawɔe la ene. Eye Mose yra wo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan